Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 13:12 - Agbenya La

12 Esi mɔmefia la kpɔ nu si dzɔ la, exɔe se, elabena eƒe nu ku le nufiafia si wòse tso Aƒetɔ la ŋu ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Tete esi dua me dziɖula kpɔ nusi va ve me la, exɔe se, eye kuvia ɖoe le Aƒetɔ la ƒe nufiafia ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 13:12
20 Mawu Ofanana  

Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ lé wo, eye wogblɔ be, “Ame sia nye Mawu ƒe Vi vavã.”


Ame siwo katã nɔ xɔa me la kafui, eye woƒe mo wɔ yaa le amenuvevenya siwo wògblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Nya kae nye esia? Alo menye Yosef vie oa?”


Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo, eye wodo ɣli kafu Mawu gblɔ be, “Nyagblɔɖila gã aɖe le mía dome vavã. Míekpɔ Mawu ŋutɔ ƒe asi wòwɔ dɔ le egbeŋkeke sia dzi.”


Gbedoxɔŋudzɔlaawo ɖo eŋu na wo be, “Ame aɖeke meƒo nu abe ŋutsu sia ene kpɔ o.”


Paulo ƒe nya sia do dzidzɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wokafu Mawu. Wo dometɔ siwo Mawu ŋutɔ tia da ɖi na agbe mavɔ la xɔe se.


Ale wɔ Aƒetɔ la ƒe nya la keke ta le nuto ma katã me.


Ame sia nye dɔtsɔla na mɔmefia si le afi ma si woyɔna be Sergio Paulo. Mɔmefia la nye ame si ƒe tagbɔ kɔ, eye wòdɔ woyi ɖayɔ Barnabas kple Saulo, elabena edi be yease Mawu ƒe nya.


Esi wonɔ nya la gblɔm nɛ la, afakala Elima (elabena nenemae nye eƒe ŋkɔ le Grikigbe me) tsi tsitre ɖe wo ŋu, eye wòte kpɔ be yeagblẽ to na mɔmefia la be megaxɔ Mawu dzi se o.


Paulo kple Barnabas hã gatsi Antioxia hena kpekpe ɖe ame siwo nɔ Aƒetɔ la ƒe nya gblɔm henɔ nu fiam amewo le afi ma la ŋu.


Le ŋkeke aɖewo megbe la, Paulo doe ɖe Barnabas gbɔ be, “Na míatrɔ ayi aɖakpɔ nɔvi siwo le du siwo me míegblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la le la, akpɔ ale si wole zɔzɔmee la ɖa.”


Ke esi Galio nye dziɖula le Akaya nuto me la, Yudatɔwo wɔ ɖeka ɖe Paulo ŋu, eye wokplɔe yi ʋɔnui.


Ewɔ nu sia ƒe eve sɔŋ ale be Yudatɔwo kple Grikitɔ siwo katã le Asia la katã se Aƒetɔ la ƒe nya la.


Esia nye dzesi be Aƒetɔ la ƒe nya la xɔ aƒe kple ŋusẽ le nuto la me vavã.


Gake ne Demetrio kple eƒe hadɔwɔlawo kpɔ be nya aɖe le yewo kple ame siawo dome la, ekema ɖe wòle na wo be woatsɔ nya ɖe wo ŋu le ʋɔnudrɔ̃ƒe. Ʋɔnudrɔ̃lawo hã le klalo be yewoadrɔ̃ nyaa na wo.


Ameawo ƒe xexlẽme nɔ ame wuieve.


Ƒukpo sia ƒe Mɔmefia ŋkɔe nye Publio, ame sia ƒe anyigba kple aƒe te ɖe ƒuta, afi si míeva ɖi go ɖo. Publio xɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe me, hekpɔ mía dzi nyuie ŋkeke etɔ̃ sɔŋ.


Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖu Stefano dzi o, le eƒe nunya kple gbɔgbɔ si le eme la ta.


Ke esi Petro kple Yohanes ɖi ɖase hegblɔ Aƒetɔ ƒe nya la vɔ la, wogatrɔ yi Yerusalem. Wotɔ ɖe Samaria kɔƒe geɖewo hã me le mɔa dzi, hegblɔ nyanyui la na amewo le afi siawo hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa