Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 12:9 - Agbenya La

9 Petro wɔ abe ale si mawudɔla la gblɔ nɛ la ene, eye wòdze eyome do go le gaxɔ la me. Mebu nu si nɔ dzɔdzɔm la nu vavã o. Ewɔ nɛ abe drɔ̃e kum wònɔ alo ŋutega kpɔm wònɔ ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye wòdo go dze eyome, eye menyae bena, nusi va me to mawudɔla dzi la, ele me vavã o, ke ebu xa bena, ŋutega yekpɔ.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 12:9
12 Mawu Ofanana  

Wodo ɣli gblɔ na wo fofo be, “Yosef le agbe, eye wòzu Egiptenyigba blibo la dzi ɖula!” Ke nya la wɔ moya na Yakob ale gbegbe be mexɔe se o.


Eye Noa wɔ nu sia nu abe ale si Mawu ɖoe nɛ ene.


Esi Yehowa kplɔ aboyomeyilawo gbɔe va Zion la, míenɔ abe drɔ̃ekulawo ene.


Gake Yesu dada gblɔ na subɔlawo be, “Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ.”


Ŋutega sia wɔ moya na Petro ŋutɔ. Mese egɔme o, eye kpɔ ɖa, ŋutsu siwo Kornelio dɔ ɖo ɖa la le Simɔn ƒe aƒe la ta biam hele tsitre le agbo la nu.


Gbe ɖeka abe ɣetrɔ ga etɔ̃ me ene la, ekpɔ ŋutega esime wònɔ gbe dom ɖa. Ekpɔ mawudɔla aɖe wògbɔna egbɔ. Mawudɔla la yɔe be, “Kornelio!”


Egblɔ na wo be, “Gbe ɖeka la, esime menɔ gbe dom ɖa le Yopa la, mekpɔ ŋutega aɖe. Nu si tututu mekpɔ lae nye be aklala gã aɖe si wotsi ka ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi la ɖiɖi ɖe gbɔnye tso dziƒo.


Tete mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Do wò awuwo kple wò afɔkpa.” Petro wɔ nenema, eye mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Bla wò ali dzi sesĩe ne nàdze yonyeme.”


“Eya ta, Fia Agripa, nye hã mewɔ ɖe ŋutega si tso dziƒo la ƒe ɖoɖo dzi.


Mawudzixɔsela aɖe si ŋkɔe nye Anania la nɔ Damasko dua me ɣe ma ɣi. Mawu yɔe le ŋutega me gbe ɖeka be “Anania.” Etɔ, eye wògblɔ be, “Nyee nye esi, Aƒetɔ.”


To xɔse me esi woyɔ Abraham be wòayi teƒe si wòava xɔ wòazu eƒe domenyinu la, eɖo to, eye wòyi, togbɔ be menya afi si yim wònɔ o hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa