Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 12:6 - Agbenya La

6 Le zã si do ŋgɔ na gbe si gbe Herodes ɖo be woaɖe Petro adrɔ̃ ʋɔnui la, Petro nɔ alɔ̃ dɔm le asrafo eve dome. Wode gakɔsɔkɔsɔ asi nɛ sesĩe. Asrafo bubuwo hã ganɔ gaxɔa ƒe agbonu dzɔm.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke gbesigbe Herodes le eɖe ge ɖe go afia ƒe zã me la, Petro le alɔ̃ dɔm hele babla kple kɔsɔkɔsɔ eve le asrafo eve dome, eye dzɔlawo le ʋɔtrua nu hele gaxɔ la ŋuti dzɔm.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 12:6
17 Mawu Ofanana  

Abraham na ŋkɔ teƒe la be, “Yehowa naa nu,” eye ŋkɔ sia tsi eŋu va se ɖe egbe.


Mamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le ŋutifafa me, elabena wò, Yehowa, koe na mele dedie.


Yehowa ƒe gbe va na Yeremia esi aʋafia Nebuzaradan ɖe asi le eŋu le Rama. Eva ke ɖe Yeremia ŋu wode gae kpe ɖe aboyome siwo wokplɔ tso Yerusalem kple Yuda yina ɖe aboyo mee le Babilonia la ŋu.


Ke egbe la, meɖe ga le alɔnu na wò, ne elɔ̃ la, kplɔm ɖo míayi Babilonia, makpɔ dziwò nyuie, gake ne melɔ̃ o la, ate ŋu anɔ anyi faa. Kpɔ ɖa, anyigba blibo la le ŋkuwò me, yi afi sia afi si nèlɔ̃ la faa.”


Esi dzɔlawo kpɔe la, dzidzi ƒo wo, eye womu dze anyi heku ƒenyi.


Ale Petro nɔ gaxɔ me, gake hame la katã nɔ gbe dom ɖa na Mawu vevie ɖe eta.


Asrafoawo ƒe amegã la na wolé Paulo, eye woblae sesĩe kple gakɔsɔkɔsɔ. Azɔ etrɔ ɖe ameha la gbɔ, eye wòbia ame si Paulo nye kple nu vɔ̃ si wòwɔ la wo.


Nya sia tae meyɔ mi vɛ, be makpɔ mi, eye maƒo nu kpli mi ɖo; elabena Israel ƒe mɔkpɔkpɔ la ta woblam kple kɔsɔkɔsɔ sia ɖo.”


“Esi míede la, míekpɔ gaxɔ ƒe agboawo nɔ tutu goŋgoŋ. Asrafowo nɔ tsitre ɖe agboa nu pɛpɛpɛ, gake esi míeʋu ʋɔa hege ɖe eme la, míekpɔ ame aɖeke le teƒea o.”


nu si ta menye ame dɔdɔ si le game ɖo. Mido gbe ɖa be magblɔ nyanyui la vɔvɔ̃manɔmee, ale si mate ŋui.


Maka eƒe amewo ahlẽ ale be ame aɖeke magaɖo ŋku wo dzi gɔ̃ hã o.


Aƒetɔ la nayra Onesiforo kple eƒe aƒe blibo la, elabena eva kpɔam ɖa, eye wòdea dzi ƒo nam enuenu. Eƒe kpɔkpɔɖa gbɔa agbem abe ya fafɛ nyui ene, eye nye gaxɔmenɔnɔ menye ŋukpe nɛ o.


Esia ta míegblɔ kple dzideƒo be, “Yehowae nye nye xɔnametɔ, nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa