Eɖo eŋu be, “Meʋã ŋu ɖe Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nu. Israelviwo gbe nu le wò nubabla la gbɔ. Wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi. Nye koe susɔ eye azɔ la, wole didim be yewoawu nye hã.”
Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu akpe fu dziŋɔ si kpe ge mala la, gake anyinɔnɔ ɖe nye ɖusi kple mia me ya la, ŋusẽ mele asinye be matɔ asi ame siwo anɔ afi ma la dzi o. Fofonye ŋutɔ tia ame siwo anɔ teƒe siawo la da ɖi xoxo.”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mienya nu si biam miele o. Miate ŋu ano nu tso fukpekpe ƒe kplu veve si no ge mala la me, eye miate ŋu anɔ te ɖe fukpekpe ƒe tsideta si de ge wole ta nam la hã nua?”
Woɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, míate ŋui.” Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu ano nu tso kplu veve si me mele nu no ge le la me, eye miate ŋu axɔ tsideta veve si xɔ ge mala,
Woƒu kpe wo, wodze wo kple laxalaxa ɖe eve, eye wowu wo kple yi. Wonɔ yiyim le alẽgbalẽwuwo kple gbɔ̃gbalẽwuwo me le ahedada gã aɖe me. Woti wo yome, eye wosẽ ŋuta le wo ŋu,