Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 11:10 - Agbenya La

10 “Nuwɔna sia yi edzi zi etɔ̃ sɔŋ, eye emegbe la, wohe aklala la kple nu siwo katã nɔ edzi la yi dziƒoe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye esia va me zi etɔ̃, eye wogahe wo katã yi dziƒoe.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 11:10
6 Mawu Ofanana  

Fia Balak do dɔmedzoe vevie azɔ ɖe Balaam ŋu. Eƒo asikpe hedo ɣli be, “Meyɔ wò be nàƒo fi ade nye futɔwo, ke nèyra wo boŋ zi etɔ̃.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Èka ɖe edzi be àte ŋu abu wò agbe ɖe tanyea? Nyateƒe gblɔm mele na wò be, hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”


Yesu gabiae zi etɔ̃lia be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m mahã?” Biabia etɔ̃lia sia ve Petro, elabena Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Èlɔ̃m mahã?” Ke Petro ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ènya nu sia nu, eye ènya be melɔ̃ ye.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyi nye alẽawo.


Le ɣe ma ɣi me tututu la, ame dɔdɔ etɔ̃ aɖewo tso Kaesarea va ɖo aƒe si me menɔ la me be yewoakplɔm ayi Kaesarea.


“Ke megase gbeɖiɖi la tso dziƒo wògblɔ nam be, ‘Ne Mawu da asi ɖe nane dzi be ekɔ la, wò la, mègagblɔ be mekɔ o!’


Medo gbe ɖa na Aƒetɔ la zi etɔ̃ sɔŋ kple kukuɖeɖe be wòaɖe dɔléle sia ɖa le menye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa