Dɔwɔwɔwo 10:23 - Agbenya La23 Petro se nya siawo katã, eye wòxɔ ameawo atuu. Ena dzeƒe wo be woatsi adɔ. Esi ŋu ke la, Petro kplɔ xɔsetɔ eve aɖewo tso Yopa kpe ɖe eɖokui ŋu, eye wodze mɔ kple Kornelio ƒe ame dɔdɔwo ɖo ta Kaesarea. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191323 Tete wòyɔ wo va me, eye wòwɔ amedzro na wo. Eye esi ŋu ke la, etsi tre, eye wòyi kpli wo, eye nɔvi, siwo le Yope la, dometɔa ɖewo kpe ɖe eŋu. Onani mutuwo |
Esi xɔsetɔ siwo le Roma la se be míegbɔna la, wo dometɔ aɖewo va kpe mí le keke teƒe si woyɔna be Apioforo, eye wòdidi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaenyi sɔŋ ene. Ame bubuwo hã va kpe mí le afi si woyɔna be, “Amedzrodzeƒe etɔ̃awo.” Teƒe sia hã didi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaadre ene. Esi Paulo kpɔ xɔsetɔ siawo la, dzi dzɔe ŋutɔ; dzi ɖo eƒo, eye wòda akpe na Mawu.