Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 1:26 - Agbenya La

26 Le esia megbe la, woda akɔ, eye wòdze Matias dzi, ale wotiae abe apostolo ene kpe ɖe ame wuiɖekɛ mamlɛawo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye wodzidze nu ɖe wo dzi, eye nudzidze la dze Matia dzi, eye woɖe kpe ɖe apostolo wuiɖekɛawo ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 1:26
15 Mawu Ofanana  

Woda akɔ hafi de dɔawo asi na hatsotso vovovoawo ale be ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi o elabena Mawu ƒe ame xɔŋkɔwo kple amegãwo tso Eleazar kple Itamar ƒe ƒome me.


“Míada akɔ be míanya ƒe sia ƒe ƒe ɣeyiɣi si dzi nunɔlawo, Levitɔwo kple kplɔlawo ƒe ƒometɔwo ana nake si ŋu dɔ woawɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe vɔsamlekpui dzi abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene.


Le ɣeyiɣi sia me la, Israel dukɔa kplɔlawo nɔ Yerusalem, Du Kɔkɔe la me. Ke azɔ la, woda akɔ be woatia ame siwo le du bubuawo me le Yuda kple Benyamin la ƒe ewolia be woawo hã nava nɔ Yerusalem.


Gɔmesese nye agbetsidzidzi na ame siwo ke ɖe eŋuti, ke bometsitsi hea tohehe vɛ na bometsilawo.


Wolɔa hotsui ɖe akɔ hetsɔna kaa nui, ke nyametsotso ɖe sia ɖe tso Yehowa gbɔ.


eye wòadzidze nu, anya gbɔ̃tsu si nye Yehowa tɔ kple esi nye Azazel tɔ, si ŋu wòaɖe asi le.


Azɔ melikulawo gblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míadzidze nu, akpɔe ɖa be ame kae na dzɔgbevɔ̃e sia va mía dzi mahã.” Ale wodzidze nu, eye wòdze Yona dzi.


Yesu ƒe nusrɔ̃lawo trɔ tso woƒe mɔzɔzɔ la gbɔ, eye wogblɔ nu siwo katã wowɔ, nya siwo katã wogblɔ kple teƒe siwo katã wode la nɛ.


Ale ƒuƒoƒe la tɔ asi ame eve dzi. Ame siawoe nye, Yosef si woyɔna be Barsaba (ame si wogayɔna hã be Yusto), kple Matias, be woatia wo dometɔ ɖeka.


Le esia megbe la, Mawu tsrɔ̃ dukɔ adre sɔŋ le Kananyigba dzi, eye wòtsɔ anyigba sia na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene.


Azɔ la, Petro kple Apostolo wuiɖekɛawo tsi tsitre, eye Petro kɔ gbe dzi ƒo nu na amehawo be, “Nɔvi, Yudatɔwo, kple Yerusalem nɔlawo siaa, mina maɖe nu sia me na mi; miɖo to nyuie miase nu si magblɔ.


Abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene la, woda akɔ hena anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la mama ɖe Israel ƒe to asiekɛ kple afã mamlɛawo dome.


Le afi ma, le asaɖa la me le Silo la, Yehowa fia Yosua to akɔdada la me, ale si wòama anyigba lae na to vovovoawo.


Woɖo gɔmeɖokpe wuieve na du la ƒe gliwo, eye woŋlɔ Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa