Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 9:6 - Agbenya La

6 Megale egblɔm ake be, Yehowa, miaƒe Mawu la mele anyigba nyui sia tsɔm na mi le miaƒe nyonyo ta o, elabena mienyo o. Mienye dukɔ vɔ̃ɖi kple kɔlialiatɔwo.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eyata nyae bena, menye esi nènye ame dzɔdzɔe ta Yehowa, wò Mawu be, yeatsɔ anyigba nyui sia na wò wòanye tɔwo ɖo o, elabena dukɔ kɔlialiatɔ nènye.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 9:6
19 Mawu Ofanana  

Miganye kɔlialiatɔwo abe woawo ene o, ke boŋ miɖe asi le mia ɖokuiwo ŋu na Yehowa eye miatrɔ va eƒe gbedoxɔ si ŋu wokɔ tegbee la me. Misubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ale be eƒe dɔmedzoe helihelĩ la naɖe ɖa le mia dzi.


Edze aglã ɖe Fia Nebukadnezar ŋu togbɔ be eka atam nɛ be yeasubɔe anukwaretɔe hã hafi. Zedekia nye kɔlialiatɔ aɖe le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe sewo dzi mawɔmawɔ me eye wògbe metrɔ ɖe Yehowa, eƒe Mawu la ŋu o.


Ke womanɔ abe wo fofo kɔlialiatɔwo, dzidzime dzeaglã, ame siwo ƒe dzi meku ɖe Mawu ŋu o, eye woƒe gbɔgbɔ meto nyateƒe nɛ o la ene o.


Yehowa yi edzi be, “Mekpɔ be dukɔ sia me tɔwo nye kɔlialiatɔwo kple aglãdzelawo.


Enye anyigba aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo.’ Ke nyemazɔ kpli mi o, elabena mienye dukɔ kɔlialiatɔwo kple setemanɔlawo, eye mava di be matsrɔ̃ mi le mɔa dzi.”


Egblɔ be, “Nenye nyateƒe be nève nunye la, ekema O Yehowa, meɖe kuku kplɔ mí yi Ŋugbedodonyigba la dzi. Eme kɔ ƒãa be míenye dukɔ dzeaglã kple kɔlialiatɔwo, gake meɖe kuku, tsɔ míaƒe vodadawo kple nu vɔ̃wo ke mí, eye nàgaxɔ mí abe wò ŋutɔ tɔwòwo ene.”


Ame siwo gbɔ mele ɖowòm ɖo la nye kɔlialiatɔwo kple tosesẽtɔwo. Gblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ la nye esi.


Mianya be nyee nye Yehowa, ne mehe to na mi le nye ŋkɔ ta, eye menye le miaƒe mɔ vɔ̃wo kple miaƒe nu gbegblẽwo wɔwɔ nu o.’ O! Israel ƒe aƒe, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”


Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “O! Israel ƒe aƒe, menye miawo tae mele nu siawo wɔ ge o, ke nye ŋkɔ kɔkɔe si miedo gui le dukɔ siwo me mieyi la tae.


“Mi tosesẽtɔ siawo, ɖe wòle be miasẽ dzime atsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ɣe sia ɣia? Ɛ̃, Alea tututu mia tɔgbuiwo wɔe nye esi, eye eya ƒomevi ko wɔm miawo hã miele.


eya ta mikɔ miaƒe nu vɔ̃ dziwo ŋu, eye miadzudzɔ kɔlialiatɔwo ƒe agbenɔnɔ.


Mede se na mi be, “Yehowa, miaƒe Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne woanye mia tɔ. Mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israelviwo ŋgɔ.


elabena menya miaƒe tosesẽ kple kɔlialiatɔnyenye. Ne egbe si mele mia gbɔ gɔ̃ hã mienye aglãdzelawo ɖe Yehowa ŋu la, aleke gbegbe miaganye aglãdzelawo wu le nye ku megbe?


Tete Yehowa gblɔ nam be, “Mekpɔe be dukɔ sia nye ame kɔlialiatɔwo sɔŋ.


Ɛ̃, mienɔ aglã dzem ɖe Yehowa ŋu tso gbe si gbe ke menya mi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa