Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 9:4 - Agbenya La

4 “Ne Yehowa miaƒe Mawu wɔ esia na wò la, mègagblɔ na ɖokuiwò be, ‘Yehowae ve nunye, elabena menye ame dzɔdzɔe o.’ Mele nenema o. Dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae Yehowa le esia wɔ ge ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ne Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò la, megagblɔ le wò dzi me bena: Esi menye ame dzɔdzɔe ta Yehowa kplɔm yii, bena maxɔ anyigba sia o; evɔ wònye dukɔ siawo ƒe vɔ̃ɖinyenye ta Yehowa nyã wo ɖa le ŋgɔwò ɖo hafi.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 9:4
20 Mawu Ofanana  

Le dzidzime ene megbe la, wò dzidzimeviwo agbɔ ava anyigba sia dzi, elabena ɣe ma ɣi koe Amoritɔwo, ame siwo le anyigba sia dzi fifia la ƒe nu vɔ̃wo asɔ gbɔ na tohehe.”


Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “O! Israel ƒe aƒe, menye miawo tae mele nu siawo wɔ ge o, ke nye ŋkɔ kɔkɔe si miedo gui le dukɔ siwo me mieyi la tae.


Medi be mianya be nyemele nu siawo wɔm le mia ta o; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Mina ŋu nakpe mi, eye miaɖi gbɔ̃ mia ɖokui le miaƒe wɔnawo ta, O! Israel ƒe aƒe.”


Mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Egipte, afi si mienɔ la ene o. Nenema ke mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Kanaan, afi si mele mia kplɔm le yiyim la ene o. Migawɔ woƒe wɔnawo o.


Kpɔ nyuie. Ɖo ŋku edzi be wolã alɔ siwo nye Yudatɔwo la ɖa, elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye miawo miezu alɔwo le miaƒe dzixɔse ɖeɖe ko ta. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi o, ke nɔ vɔvɔ̃m boŋ.


Nenye Mawu ƒe amenuveve tae la, ekema menye woƒe dɔwɔwɔ tae o. Elabena ne ele nenema la, ekema nu si wona faa la, meganye nunana o.


Togbɔ be nye dzitsinya meɖea fu nam o hã la, esia mefia kokoko be mele nye dɔ wɔm abe ale si dze ene o. Mawu ŋutɔ koe ate ŋu ana nyametsotso le nye dɔwɔna ŋu, be mewɔe nyuie alo nyemewɔe nyuie o.


Elabena ame kae wɔ mi mieto vovo tso ame bubuwo gbɔ? Nu kae le mia si, si menye Mawue na mi o? Ke ne mielɔ̃ ɖe edzi be nu siwo katã le mia si la nye nunana tso Mawu gbɔ la, nu ka ta miele dadam abe ɖe wosu mia si to mia ŋutɔwo ƒe agbagbadzedze me ene?


Migasubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la le mɔ si dzi wosubɔa woƒe mawuwo le la o, elabena le woƒe mawusubɔsubɔ me la, wowɔa nu dziŋɔ siwo Yehowa lé fue. Wotsɔa wo viwo gɔ̃ hã sãa vɔe le dzo si le woƒe vɔsamlekpui dzi la me.


elabena menya miaƒe tosesẽ kple kɔlialiatɔnyenye. Ne egbe si mele mia gbɔ gɔ̃ hã mienye aglãdzelawo ɖe Yehowa ŋu la, aleke gbegbe miaganye aglãdzelawo wu le nye ku megbe?


Ewɔ esia, ale be miabu ɣe aɖeke ɣi be miawo ŋutɔ miaƒe ŋusẽ mee mieto zu hotsuitɔwo o.


Ɛ̃, mienɔ aglã dzem ɖe Yehowa ŋu tso gbe si gbe ke menya mi,


Menye esi mienye ame nyui dzɔdzɔewo tae Yehowa anya wo ɖa le mia ŋgɔ ɖo o! Megale egblɔm na mi be, dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae hekpe ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋugbe si wòdo na mia fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ŋu ta koe.


Migaŋlɔ be o, ke boŋ miɖo ŋku ale si miedo dɔmedzoe na Yehowa, miaƒe Mawu la enuenu le gbedzi, tso gbe si gbe miedzo le Egipte va se ɖe fifia dzi. Miedze aglã ɖe eŋu le ɣeyiɣi siawo katã me.


Eyae ɖe mí, eye wotia mí na eƒe dɔ kɔkɔe la wɔwɔ, menye be míedze nɛ ta o, ke boŋ elabena eyae nye eƒe ɖoɖo xoxoxo hafi wòwɔ xexea me be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve afia mí to Kristo Yesu dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa