Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 9:2 - Agbenya La

2 Anak ƒe viwo, ame siwo nye ame dzɔatsuwo, eye dukɔ aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe wo nu o la le wo dome.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 dukɔ, siwo nye Enak-viwo, wosɔ gbɔ, eye wodzɔ atsu, amesiwo wò ŋutɔ nènya kple amesiwo ŋu nèse nya le bena: Ameka ate ŋu ano te ɖe Enak-viwo nu?

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 9:2
16 Mawu Ofanana  

Ke ne eva do, hede wò gaxɔ me eye wòdrɔ̃ ʋɔnu wò la, ame ka ate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu?


Akunyawɔlawo mete ŋu tɔ ɖe Mose ŋkume o, le ƒoƒoeawo ta, elabena ƒoƒoeawo te Egiptetɔwo katã.


Anyigbemeʋakɔwo awɔ nu si adze wo ŋu, ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe wo ŋu o. Ava ɖo eƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Anyigba Nyui la dzi eye ŋusẽ anɔ esi be wòagblẽ nu.


Menɔ ŋku lém ɖe agboa ŋu esi wònɔ dzo dam ɖo ta ɣetoɖoƒe kple anyiehe kple dziehe. Lã aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe enu o eye ɖeke mete ŋu xɔ nu léle le esi o. Ewɔ nu si dze eŋu eye wòkpɔ ŋusẽ ŋutɔ.


“Metsrɔ̃ Amoritɔwo le wo ŋgɔ, togbɔ be wodzɔ atsu abe sedati, eye wosẽ abe sesewu ene hã la, meho wo kple ke.


Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu? Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu? Ekɔ eƒe dɔmedzoe ɖe anyi abe dzo ene, eye agakpewo kaka le eŋkume.


Wotso afi ma ɖo ta dzigbeme lɔƒo; woto Negeb gbã, eye woyi Hebron. Wokpɔ Ahimanitɔwo, Sesaitɔwo kple Talmaitɔwo. Ame siawo katã nye Anak, ame dzɔatsu ƒe dzidzimeviwo. (Hebron nye du xoxo aɖe. Wotsoe ƒe adre do ŋgɔ na Tanis tsotso le Egipte.)


Ke afi ma tɔwo nye ŋusẽtɔwo. Woƒe duwo lolo, eye woglã wo katã. Gawu la, míekpɔ Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma!


Míekpɔ Nefilimtɔwo hã le afi ma (Anak nye Nefilimtɔwo ƒe dzidzimeviwo). Míedze le woƒe ŋkume abe abɔwo ene, eye nenema kee woawo hã kpɔ míe.”


Nu kae le míawɔ ge? Mía nɔvi ŋkutsalawo ƒe ɖaseɖiɖi do ŋɔdzi na mí. Wobe, ‘Anyigba la dzi tɔwo nye ame dzɔatsu sesẽwo, eye gli siwo woɖo ƒo xlã woƒe duwo la kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli! Wokpɔ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma.’ ”


Wonye dukɔ gã sesẽ aɖe, eye wokɔ abe Anaktɔwo ene. Ke Yehowa tsrɔ̃ wo esime Amoritɔwo va anyigba la dzi, eye woxɔ wo teƒe.


Mawu atsɔ woƒe fiawo ade asi na wò, eye nàtutu woƒe ŋkɔwo ɖa le anyigba la ŋkume. Wo dometɔ aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o. Ke boŋ àtsrɔ̃ wo.


Le ɣeyiɣi sia me la, Yosua tsrɔ̃ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo, ame siwo nɔ tonyigbawo dzi le Hebron, Debir, Anab, Yuda kple Israel. Ewu wo katã keŋkeŋ, eye wòtsrɔ̃ woƒe duwo gbidigbidi.


Wo dometɔ aɖeke megasusɔ ɖe Israelnyigba dzi o, ke ɖewo ganɔ Gaza, Gat kple Asdod.


Esia ta Kaleb nya Anak ƒe vi etɔ̃awo, Talmai, Sesai kple Ahiman ƒe dzidzimeviwo le anyigba la dzi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa