Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 8:7 - Agbenya La

7 elabena Yehowa, miaƒe Mawu la le mia kplɔm yina anyigba nyui la dzi, afi si tɔʋuwo, tawo, tsi dzidziwo, balimewo kple towo le.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena Yehowa, wò Mawu, le kplɔ wò ge ava anyigba nyui, si dzi tɔʋuwo, vudowo kple tawo, siwo dzɔ tso towo dzi kple baliwo me le la dzi,

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 8:7
17 Mawu Ofanana  

Ede ka eƒe tedzivi ɖe wainti nyuitɔ ŋu, eye wònya eƒe awuwo le wain me.


va se ɖe esime mava akplɔ mi ayi anyigba si ɖi mia tɔ la dzi, anyigba si dzi bli kple wain yeye le, afi si abolo bɔ ɖo eye waingblewo le, afi si amitiwo kple anyitsi le. Mitia agbe, ke menye ku o! “Migaɖo to Hezekia o, elabena ele mia flum ne egblɔ be, ‘Yehowa axɔ na mí.’


Ena tsitsetsewo kɔ ɖe agawo me, eye wosi to towo dome.


Wodo vlo anyigba dzeani la, eye womexɔ eƒe ŋugbedodo dzi se o.


eya ta meɖi va be maɖe wo tso Egiptetɔwo ƒe asi me, eye makplɔ wo adzoe le Egiptenyigba dzi, woayi anyigba nyui, gã aɖe dzi, afi si notsi kple anyitsi bɔ ɖo la. Anyigba sia dzie Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia.


va se ɖe esime mava akplɔ mi ayi anyigba si ɖi mia tɔ la dzi, anyigba si dzi bli kple wain yeye, abolo kple waingblewo bɔ ɖo.


Azɔ mele ha dzi ge na nye lɔlɔ̃tɔ tso eƒe waingble ŋuti. Waingble aɖe le nye lɔlɔ̃tɔ si le togbɛ si nyoa nuku la dzi.


Mekplɔ mi va anyigba si nyoa nu la dzi be miaɖu eƒe kutsetsewo kple eƒe nu nyuiwo, gake mieva do gu nye anyigba eye miewɔ nye domenyinu wòzu ŋunyɔnu.


“ ‘Etsɔ miaƒe anyigba ƒe ku aɖe, eye wòdoe ɖe anyigba nyui aɖe dzi. Edoe abe amuti ene ɖe afi si tsi sɔ gbɔ ɖo.


Gbe ma gbe la, meka atam na wo be makplɔ wo ado goe le Egipte ayi anyigba aɖe si medi da ɖi na wo la dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi tsana le. Anyigba sia nyo wu bubuawo katã.


“Miwɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe seawo dzi. Mizɔ ɖe eƒe ɖoɖowo nu, eye miavɔ̃e,


Lu, mɔlu, wainkawo, amitiwo, yevuboɖatiwo le anyigba sia dzi.


Ne mieyi la, miakpɔ be ameawo le ŋutifafa me, anyigba la nyo eye wòlolo. Naneke mahiã mí le anyigba la dzi o, Mawu tsɔ anyigba la de asi na mí xoxo!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa