Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 8:3 - Agbenya La

3 Ɛ̃, ebɔbɔ mi ɖe anyi esi wòna dɔ wu mi, eye wòna mana mi be miaɖu. Miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo miekpɔ mana sia kpɔ o. Ewɔe be yeana mianya be menye nuɖuɖu koe nye nu sia nu o, eye mianyae be agbe ŋutɔ le Yehowa ƒe se ɖe sia ɖe dzi wɔwɔ me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye wòbɔbɔ wò ɖe anyi hena dɔ wu wò, eye wonyre wò kple mana, si wò ŋutɔ kple fofowòwo mienyã o, bena wòana nadze sii be, amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 8:3
15 Mawu Ofanana  

Wobiae, eye wòna tegliwo woɖu, eye wòtsɔ dziƒobolo ɖi ƒo na woe.


Ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nyui; nɔ anyigba la dzi, eye nàɖu eƒe nu nyuiwo le dziɖeɖi me.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔe ɖi be, ‘Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie.’ ”


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me be, Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋuti ame nanɔ agbe ɖo o.”


Wo katã woɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu ma ke,


Ekplɔ mi to gbedzi ƒe blaene sɔŋ, gake miaƒe awuwo medo xoxo o, eye miaƒe tokotawo te menyi o!


Nu si ta Yehowa mena mietɔ ɖe teƒe ɖeka be miaƒã bli na abolowɔwɔ alo miado waintiwo hena wain kple aha sesẽ o lae nye be miadze sii be Yehowa, miaƒe Mawu lae le mia dzi kpɔm.


Se siawo menye nya ƒuƒluwo ko o. Woawoe nye miaƒe agbe! Ne miewɔ ɖe se siawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye nuwo adze edzi na mi nyuie le anyigba si xɔ ge mieyina le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi.”


Menɔ toa dzi ɣe ma ɣi, eye menɔ nubabla si Yehowa wɔ kpli mi, si nye kpe siwo dzi wòŋlɔ seawo ɖo la xɔm. Menɔ afi ma ŋkeke blaene kple zã blaene. Nyemeɖu naneke le ɣeyiɣi ma katã me o. Nyemeno tsi gɔ̃ hã o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa