Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 8:11 - Agbenya La

11 “Ke ɣe ma ɣi tututu wòle be miaɖɔ ŋu ɖo! Mikpɔ nyuie be le ɣeyiɣi si nuɖuɖu bɔ ɖe mia si la, miagaŋlɔ Yehowa, miaƒe Mawu la be, eye miade asi aglãdzedze ɖe eŋu me o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke kpo nyuie, bena màgaŋlɔ Yehowa, wò Mawu be, eye nagbe eƒe sewo, kɔnuwo kple ɖoɖowo, siwo megblɔ na wò egbe la dziwɔwɔ o;

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 8:11
19 Mawu Ofanana  

Woŋlɔ Mawu si ɖe wo la be, Mawu si wɔ nu gãwo na wo le Egipte


elabena gegemewo ƒe afɔɖeɖe baɖawo awu wo eye bometsilawo ƒe ɖekematsɔleme atsrɔ̃ wo.


Ne menye nenema o la, mava ɖi ƒo akpa, agbe nu le gbɔwò ahabia be, ‘Ame kae nye Yehowa?’ Alo mada ahe akpa, afi fi.


Ne miekpɔ gbo siawo la, ekema miaɖo ŋku se siwo katã Yehowa de na mi la dzi be miawɔ wo dzi, eye miagatsɔ mia ɖokuiwo adzra na ŋutilãmenuwo, miaƒe dzi ƒe nudzodzrowo kple nu siwo miaƒe ŋku kpɔna la o.


Ke ɖeko miakpɔ nyuie, akpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miagaŋlɔ nu siwo miaƒe ŋkuwo kpɔ alo ana woado le miaƒe dzi me zi ale si miele agbe o. Mifia wo mia viwo kple wo vi siwo ava ɖe wo yome.


ɣe ma ɣi tututue wòle be miaɖɔ ŋu ɖo be miagaŋlɔ Yehowa, míaƒe Mawu, si kplɔ mi tso miaƒe kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi la be o.


O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa, eye mègaŋlɔ nu nyui siwo katã wòwɔ na wò la be o.


Nu ka ta nèŋlɔ Yehowa, wò Wɔla, si keke dziƒowo me, eye wòɖo anyigba ƒe agunu anyi la be? Nu ka ta ŋɔdzi léa wò gbe sia gbe le ameteɖeanyila ƒe dɔmedzoe ta, ame si ɖoe kplikpaa be yeagblẽ nu? Afi ka ameteɖeanyila ƒe dɔmedzoe la le azɔ?


“Miɖo ŋui ne miawɔ ɖe se siwo katã mede na Israel dukɔ la to nye dɔla, Mose dzi le Horeb to dzi la dzi.


alo nu si wolɔ̃ kple ɖeti alo lãfu,


“O! Israel, azɔ la, se se kple ɖoɖo siwo mele fia wò ge, lé wo me ɖe asi ale be nànɔ agbe ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la le mia nam.


“Kpɔ ɖa, mefia se kple ɖoɖo siwo Yehowa, nye Mawu de nam la mi ale be mialé wo me ɖe asi le anyigba si dzi mieyina be yewoaxɔ la dzi.


du siwo mètso o, vudo siwo mèɖe o, waingble siwo mède o kple amiti siwo mèdo o, eye ne èɖu nu ɖi ƒo la,


Eya ta wɔ ɖe se siwo katã mele tsɔtsɔm na wò egbea la dzi.


Ke ele na mi be miawɔ ɖe se siwo katã mele mia nam egbea la dzi.”


Ale Israelviwo wɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, elabena wotrɔ le Yehowa, woƒe Mawu la yome eye wosubɔ Baalwo kple aƒeliwo.


Wobu xaa be drɔ̃e siwo wolĩna na wo nɔewo la awɔe be nye amewo aŋlɔ nye ŋkɔ be abe ale si wo fofowo ŋlɔ nye ŋkɔ be, to Baal subɔsubɔ me ene.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa