Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 7:4 - Agbenya La

4 Ne viwòwo ɖe wo viwo la, viwòwo asubɔ woƒe mawuwo godoo. Ekema Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe ŋuwò, eye Yehowa atsrɔ̃ wò kokoko.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 elabena woana viwòŋutsu natrɔ le yonyeme, eye wòasubɔ mawu bubuwo, ale bena Yehowa nado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye woatsrɔ̃ mi amloamlo.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 7:4
14 Mawu Ofanana  

Hekpe ɖe esiawo ŋu la, eɖe Yezebel, Sidon fia Etbaal ƒe vinyɔnu eye wòde asi Baal subɔsubɔ me.


Mègade ta agu na wo alo asubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ame siwo léa fum la ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi,


Eye ne míeɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo la, wo srɔ̃wo akplɔ wo ayi woƒe legbawo subɔƒewo, eye mia viŋutsuawo hã ada vo ɖe ŋunye to wo srɔ̃wo ƒe mawuawo subɔsubɔ me.


“Se sia ƒe taɖodzinue nye be wòana be anyigba la dzi tɔwo makplɔ mi ade woƒe legbawo subɔsubɔ kple woƒe kɔnyinyi vɔ̃ɖiwo me, eye miato esiawo me awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu o.


ekema dziƒo kple anyigba anye ɖasefowo be woatsrɔ̃ mi kaba le anyigba la dzi. Fifia, esusɔ vie miatso Yɔdan tɔsisi la, eye miaxɔ anyigba ma. Ke miaƒe ŋkekewo le afi ma anɔ kpuie, elabena woatsrɔ̃ mi keŋkeŋ.


elabena Yehowa, wò Mawu la, ame si le mia dome la nye Mawu ʋãŋu; ate ŋu ado dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye wòatsrɔ̃ wò ɖa le anyigba la ŋkume.


Esi woɖo Gilead la, wogblɔ na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã bena,


“Ne miegbugbɔ le Yehowa yome, eye ne miede asi srɔ̃ɖeɖe tso wo dome me la,


Tete Israelviwo wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wosubɔ Baalwo.


Le esia ta Yehowa do dɔmedzoe vevie ɖe Israel ŋu hegblɔ be, “Esi dukɔ sia tu nu si mebla kple wo fofowo eye womeɖo tom o ta la,


Ke le esime Israelviwo natsrɔ̃ wo teƒe la, woɖe srɔ̃ tso wo dome. Israel ɖekakpuiwo ɖe dukɔ siawo ƒe ɖetugbiwo eye woawo hã ƒe ɖekakpuiwo ɖe Israel ɖetugbiwo. Eteƒe medidi hafi Israelviwo de asi dukɔ siawo ƒe mawuwo subɔsubɔ me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa