Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 7:16 - Agbenya La

16 Ele be nàtsrɔ̃ dukɔ siwo katã Yehowa, wò Mawu la tsɔ de asi na wò. Mègakpɔ nublanui na wo o, eye mègasubɔ woƒe mawuwo o. Ne ègbe toɖoɖo, eye nèwɔ nu siawo la, dzɔgbevɔ̃e ava dziwò.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Atsrɔ̃ dukɔ, siwo katã Yehowa, wò Mawu, tsɔ de asi na wò la; megakpɔ wo ta o, eye megasubɔ woƒe mawuwo o, elabena woava nye mɔ̃ aɖe wò.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 7:16
21 Mawu Ofanana  

Wometsrɔ̃ ameawo abe ale si Yehowa de se na wo ene o,


Wosubɔ woƒe legbawo, esi zu mɔ me woge ɖo.


Mègana woanɔ mia dome o, elabena menya be woana miadze woƒe mawuwo subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me; esia anye mɔtetre na mi, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e gã va mia dzi.”


Yehowa be le esia megbe la, matsɔ Yuda fia Zedekia, eƒe dumegãwo kple du sia me nɔla siwo dɔvɔ̃, yi kple dɔwuame mewu o la ade asi na Nebukadnezar, Babilonia fia kple woƒe ketɔ siwo le woƒe agbe yome tim. Awu wo kple yi, mave wo nu, akpɔ nublanui na wo loo alo anyo dɔ me na wo o.’


“ ‘Ke ne mienya ame siwo le afi ma o la, wo dometɔ siwo asusɔ ɖe afi ma la, azu dzowɔ aɖo ŋkume na mi kple ŋu anɔ miaƒe axadame.


Migana ame siwo gblɔa nya siawo la nado lã mi o. Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔwɔ nyuiwo.


migalɔ̃ o, eye migakpɔ nublanui nɛ hã o. Migaɖee tso to si woahe nɛ la me o, eye migaɣla nya vɔ̃ɖi si wògblɔ na mi la hã o.


Miwui! Nànye ame gbãtɔ si atso ɖe ewuwu ŋu, eye ame bubuawo katã ƒe asi akpe ɖe ŋuwò.


Mègakpɔ nublanui nɛ o! Ɖe hlɔ̃dolawo katã ɖa le Israelviwo dome! Eya ko hafi nu sia nu ayi edzi nyuie na mi.


Mègakpɔ nublanui na aʋatsoɖasefo aɖeke o. Le nya sia tɔgbiwo me la, se si dzi nàkpɔe nye: agbe ɖe agbe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe.”


ekema woalã nyɔnu la ƒe asi ɖa. Mègakpɔ nublanui nɛ o.”


Ne Yehowa, wò Mawu la tsɔ wo de asi na wò be nàtsrɔ̃ wo la, ele be nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Mègawɔ nubabla kpli wo alo nàkpɔ nublanui na wo o. Tsrɔ̃ wo keŋkeŋ.


Tɔ dzo woƒe legbawo, eye wo ŋu klosalo alo sika megabiã ŋu na wò o, eye mègatsɔ wo na ɖokuiwò o, elabena ŋunyɔnue wonye na Yehowa, wò Mawu la.


elabena Yehowa ɖo be dukɔ mawo nadi be yewoawɔ aʋa boŋ kple Israelviwo ɖe ŋutifafawɔwɔ teƒe. Eya ta wotsrɔ̃ wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.


Woɖe asi le Yehowa, ame si nye wo fofowo ƒe Mawu, ame si kplɔ wo tso Egiptenyigba dzi la ŋu eye wosubɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe mawuwo. Wodo dɔmedzoe na Mawu elabena


Esi miegbe míaƒe nubabla la dzi wɔwɔ ta la, nubabla la megabla nye hã o eya ta nyemagado ŋugbe be matsrɔ̃ dukɔ siwo le miaƒe anyigba dzi o, ke boŋ woanye ŋu anɔ axadame na mi eye woƒe mawuwo anye tetekpɔ na mi ɣe sia ɣi.”


Ke le esime Israelviwo natsrɔ̃ wo teƒe la, woɖe srɔ̃ tso wo dome. Israel ɖekakpuiwo ɖe dukɔ siawo ƒe ɖetugbiwo eye woawo hã ƒe ɖekakpuiwo ɖe Israel ɖetugbiwo. Eteƒe medidi hafi Israelviwo de asi dukɔ siawo ƒe mawuwo subɔsubɔ me o.


Gideon tsɔ sika la wɔ kɔmewu eye wòtsɔe da ɖe Ofra, si nye wo dedu la me. Israel katã de asi awu la subɔsubɔ me le afi ma eye wòva zu mɔ na Gideon kple eƒe ƒome la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa