Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 7:10 - Agbenya La

10 Ke ame siwo léa fui la, woahe to na wo le dukɔwo ŋkume, eye woatsrɔ̃ wo. Eya ŋutɔ ahe to na wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 eɖoa teƒe na eƒe fufuwo ŋutɔwo, eye wòtsrɔ̃a wo, eye mehena ɖe megbe le eƒe futɔwo tsɔtsrɔ̃ me o.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 7:10
18 Mawu Ofanana  

Mègade ta agu na wo alo asubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ame siwo léa fum la ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi,


ame si ɖea lɔlɔ̃ fiaa ame akpe nanewo, eye wòtsɔa ame vɔ̃ɖiwo kple aglãdzelawo ƒe nu vɔ̃wo kea wo, ke megbea tohehe na vodalawo o, eye wòhea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe vodadawo ta tso dzidzime etɔ̃lia va se ɖe enelia dzi.”


Ne ame dzɔdzɔewo xɔ wo tɔ gome le anyigba dzi la, ekema aleke wòahanɔ na mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo!


Axe fe na wo ɖe nu siwo wowɔ la nu. Atsɔ dɔmedzoe axe fee na eƒe futɔwo, eye wòatsɔ teƒeɖoɖo axe fee na eƒe ketɔwo. Atsɔ nu si dze la axe fee na ƒukpowo.


Elɔ̃a ame akpe nanewo gake ètsɔa fofowo ƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe ɖoa akɔ na vi siwo wodzi. O Mawu gã kple ŋusẽtɔ, ame si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,


Yehowa nye Mawu ʋãŋu kple hlɔ̃biala. Ebiaa hlɔ̃, eye wòyɔ fũu kple dɔmedzoe. Yehowa biaa hlɔ̃ eƒe ketɔwo, eye wòléa dziku ɖi na eƒe futɔwo.


Ne wokɔ nubablaɖaka la dze mɔ la, Mose doa ɣli be, “O! Yehowa, tsi tsitre, eye nàka wò futɔwo hlẽ. Na woasi le ŋgɔwò.”


‘Yehowa le blewu le dɔmedzoedodo me, eƒe amenuveve sɔ gbɔ, eye wòtsɔa nu vɔ̃ kple aglãdzedze kena. Ke megbea tohehe na fɔɖilawo o. Ehea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.’


Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o. Migblẽ hlɔ̃biabia ɖe Mawu ƒe asi me, elabena eya ŋutɔe gblɔ be yeabia hlɔ̃ ame siwo dze na hlɔ̃biabia la.


Futɔwo ƒe yiwo le dua godo, eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me. Adzi ŋɔ na ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, na vi nonowo kple amegãɖeɖiwo.


Tɔnyee nye hlɔ̃biabia. Ɣeyiɣi hena nye tohehe eƒe futɔwo ɖo woƒe afɔwo ada; elabena woƒe tsɔtsrɔ̃ɣi ɖo!


be manyre nye yi dadzo la, Makpɔ be dzɔdzɔenyenye xɔ aƒe. Mabia hlɔ̃ nye futɔwo ahe to na ame siwo lé fum.


Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo le mɔ aɖeke nu o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ɖevi siwo léa fum la ɖe wo fofowo ƒe vodadawo teƒe va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.


Eya ta wɔ ɖe se siwo katã mele tsɔtsɔm na wò egbea la dzi.


Eya ta nyae bena Yehowa, wò Mawu la nye Mawu nuteƒewɔla. Ewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi na dzidzime akpewo, eye wòtsɔa lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃a ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe seawo dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa