Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 5:9 - Agbenya La

9 Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo le mɔ aɖeke nu o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ɖevi siwo léa fum la ɖe wo fofowo ƒe vodadawo teƒe va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na vi, siwo léa fum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 5:9
13 Mawu Ofanana  

Esi Yehowa wɔ nubabla kple Israelviwo la, eɖoe na wo be, “Migasubɔ mawu bubu aɖeke o, miade ta agu na wo loo alo miasa vɔ na wo o.


elabena mele be miasubɔ mawu bubu aɖeke o, ke boŋ Yehowa ko, elabena Yehowa nye Mawu si dina be woasubɔ ye ɖeka ko.


ame si ɖea lɔlɔ̃ fiaa ame akpe nanewo, eye wòtsɔa ame vɔ̃ɖiwo kple aglãdzelawo ƒe nu vɔ̃wo kea wo, ke megbea tohehe na vodalawo o, eye wòhea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe vodadawo ta tso dzidzime etɔ̃lia va se ɖe enelia dzi.”


Elɔ̃a ame akpe nanewo gake ètsɔa fofowo ƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe ɖoa akɔ na vi siwo wodzi. O Mawu gã kple ŋusẽtɔ, ame si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,


‘Yehowa le blewu le dɔmedzoedodo me, eƒe amenuveve sɔ gbɔ, eye wòtsɔa nu vɔ̃ kple aglãdzedze kena. Ke megbea tohehe na fɔɖilawo o. Ehea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.’


ale be miadze nu vɔ̃ me, eye miawɔ legba aɖeke na mia ɖokuiwo ɖe nɔnɔme aɖeke me o; ne wowɔe wòɖi ŋutsu alo nyɔnu o,


Yehowa miaƒe Mawu la nye dzo si fiaa nu kple Mawu si ʋãa ŋu.


elabena Yehowa, wò Mawu la, ame si le mia dome la nye Mawu ʋãŋu; ate ŋu ado dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye wòatsrɔ̃ wò ɖa le anyigba la ŋkume.


Ke ame siwo léa fui la, woahe to na wo le dukɔwo ŋkume, eye woatsrɔ̃ wo. Eya ŋutɔ ahe to na wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa