Mose ku lãwo ƒe ʋu tso zeawo me hlẽ ɖe ameawo dome hegblɔ be, “Ʋu sia ɖo kpe nubabla si Yehowa wɔ kpli mí to Se siawo nana mí me la dzi, eye wòtre nubabla la nu.”
Yehowa ɖo eŋu be, “Enyo. Esiae nye nubabla si mawɔ kple wò. Mawɔ nukunu siwo tɔgbi ame aɖeke mewɔ le xexea me blibo la ƒe akpa aɖeke kpɔ o. Israelviwo katã akpɔ Yehowa ƒe ŋusẽ. Woakpɔ ŋusẽ triakɔ si maɖe afia to dziwò.”
Nya siwo ƒe se mede na mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso galolõkpodzo me.’ Megblɔ be, ‘Miɖo tom, miwɔ nu siwo katã meɖo na mi, ekema mianye nye dukɔ eye nye hã manye miaƒe Mawu.
Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo ene esi melé woƒe alɔnu be makplɔ wo do goe le Egipte la ene o. Elabena wotu nye nubabla la togbɔ be menye srɔ̃ŋutsu na wo hã,” Yehowae gblɔe.
Mikpɔ nyuie be miagagblẽ nubabla si Yehowa, miaƒe Mawu wɔ kpli mi la me o! Miagblẽ nubabla sia me ne miewɔ legbawo, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la de se sesẽ ɖe nu sia nu.