Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 5:12 - Agbenya La

12 Wɔ ɖe Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe abe ale si Yehowa, wò Mawu la de se na wòe ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi, ne nawɔe kɔkɔe, abe alesi Yehowa, wo Mawu, de se na wò ene.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 5:12
11 Mawu Ofanana  

Le ɣe ma ɣiwo me la, mekpɔ amewo wonɔ wain fiam le Dzudzɔgbe la dzi, eye wonɔ ƒu ƒom woƒe lu bablawo kple wain tsetsewo kple gbotsetsewo kple agblemenu vovovowo nɔ agba dom na woƒe tedziwo, eye wotsɔ nu siawo katã gbɔna Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi, eya ta mede se na wo le nudzadzra le ŋkeke ma dzi la ŋuti.


Mose gblɔ na wo be, “Yehowa tɔ asi etsɔ dzi be wòanye dzudzɔgbe, wòanye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, eye wòle be míadzudzɔ tso míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me, eya ta miɖa nu wòasɔ gbɔ abe ale si miedi ene egbe, eye midzra esi asusɔ la ɖo ŋu nake ɖe edzi.”


Ale Israelviwo dzudzɔ wo ɖokuiwo le ŋkeke adrelia gbe.


“Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbe la dzi, elabena Dzudzɔgbe la nye ŋkuɖoɖo nubabla si le nye kple miawo dome la dzi tegbetegbe. Esia awɔe be miaɖo ŋku edzi be nyee nye Yehowa, ame si wɔ mi kɔkɔe.’


Ŋkeke ade woawɔ dɔ, ke ŋkeke adrelia nye Dzudzɔgbe; ŋkeke kɔkɔe wònye na Yehowa. Ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke sia dzi la, ele be woawui.


Ke hena amedzro siwo ku ɖe Yehowa ŋu be woanye dɔlawo nɛ, woalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woasubɔe. Wo ame siwo katã lé nye Dzudzɔgbe me ɖe asi, womegblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye woku ɖe nye nubabla ŋu vevie la,


“Ne èhe ɖe megbe tso Dzudzɔgbe ŋkeke la gbegblẽ gbɔ, ne mèwɔ nu si dze ŋuwò le ŋkeke kɔkɔe la dzi o, ke boŋ nèkpɔ dzidzɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu, eye nède bubu Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe la ŋu, ne ède bubu eŋu, mèlé wò mɔ tsɔ o, ne mèwɔ nu si dze ŋuwò, alo gblɔ nya dzodzrowo o la,


Migatsɔ agba aɖeke do goe tso miaƒe aƒewo me loo alo awɔ dɔ aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi o, ke boŋ miwɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe abe ale si mede see na mia fofowo la ene.


Egblɔ yi edzi be, “Dzudzɔgbe ŋkekea la, ɖe woɖoe anyi be wòaɖe vi na ame, menye be ame nazu kluvi na Dzudzɔgbe ŋkeke la o.


Wɔ wò dɔwo katã le ŋkeke ade me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa