Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 32:9 - Agbenya La

9 Ke mena mawudɔla aɖeke Israel o, elabena Israel nye Yehowa ŋutɔ tɔ!

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Elabena Yehowa tɔ enye eƒe dukɔ, eye Yakob enye domenyinu, si wòmã nɛ.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 32:9
28 Mawu Ofanana  

Ɖewohĩ fia la alɔ̃ be yeaɖe eƒe subɔla tso ame si le didim be yeana be nye kple vinye míaxɔ domenyinu si Mawu na mí o la si me.’


Èle du tsitsi aɖe si me nɔlawo lɔ̃a ŋutifafa eye wowɔa nuteƒe na Israel la gbãm. Ɖe nàgblẽ nu si nye Yehowa tɔa?”


elabena wò amewoe wonye, wò domenyinu si nèɖe tso Egiptetɔwo ƒe kpodzo mee wonye.


elabena ètia wo le anyigbadzidukɔwo katã dome be woanye wò domenyinu, abe ale si nègblɔ to wò dɔla Mose dzi ene esi nèkplɔ mía fofowo tso Egipte, Oo Aƒetɔ Yehowa.”


eya ta Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋuti, eye wònyɔ ŋu eƒe domenyinu.


be nye hã makpɔ gome le wò ame tiatiawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ me, be makpɔ dzidzɔ kple wò dukɔ la, eye mawɔ ɖeka kple wò domenyinu la, akafu wò.


Elabena Yehowa tia Yakob be wòanye ye tɔ, eye wòtia Israel be wòanye yeƒe domenyinu xɔasi la.


Ɖe wò dukɔ, eye nàyra wò domenyinu; nànye woƒe kplɔla, eye nàkɔ wo ɖe akɔnu tegbetegbe.


Woayra dukɔ si ƒe Mawue nye Yehowa, ame siwo wòtia be woanyi yeƒe dome.


Ɖo ŋku ame siwo nèƒle le blema, dukɔ si nye wò domenyinu, ame siwo nèɖe kple Zion, to afi si nènɔ la dzi.


tso alẽkplɔdɔ me, eye wòkplɔe vɛ be wòakplɔ eƒe dukɔ, Yakob kple eƒe domenyinu, Israel.


Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ adze wo dzi. Woatrɔ azu kpe, le wò abɔ ƒe ŋusẽ ta, va se ɖe esime wò amewo atso eme ava ayi. O, Yehowa, va se ɖe esime wò ame siwo nèƒle la, atso eme ava yi.


Egblɔ be, “Nenye nyateƒe be nève nunye la, ekema O Yehowa, meɖe kuku kplɔ mí yi Ŋugbedodonyigba la dzi. Eme kɔ ƒãa be míenye dukɔ dzeaglã kple kɔlialiatɔwo, gake meɖe kuku, tsɔ míaƒe vodadawo kple nu vɔ̃wo ke mí, eye nàgaxɔ mí abe wò ŋutɔ tɔwòwo ene.”


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ayra wo agblɔ be, “Woayra wò, Egipte, nye dukɔ, Asiria, nye asinudɔwɔwɔ kple wò, Israel, nye domenyinu.”


Edzidze woƒe gomekpɔkpɔwo na wo. Eƒe asie wòtsɔ ma nu si wòdzidze la na wo. Azu wo tɔ tegbee, eye woanɔ afi ma tso dzidzime yi dzidzime.


ame siwo mewɔ na ɖokuinye be woaɖe gbeƒã nye kafukafu.


Ke ame si nye Yakob ƒe gome la, mele abe esiawo ene o, elabena eyae nye nu sia nu wɔla kple Israel ƒe ƒome si nye eƒe domenyinu la hã. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.


Mekplɔ mi va anyigba si nyoa nu la dzi be miaɖu eƒe kutsetsewo kple eƒe nu nyuiwo, gake mieva do gu nye anyigba eye miewɔ nye domenyinu wòzu ŋunyɔnu.


Ke ame si nye Yakob ƒe gome la mele abe esiawo ene o, elabena eyae nye nuwo katã wɔla eye eya kee wɔ dukɔ si nye eƒe domenyinu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.


Eya ta ne ɣeyiɣi de be woadzidze nu ama anyigba la, ame aɖeke manɔ mía si le Yehowa ƒe asaɖa me amae na mí o.


Yuda azu Yehowa ƒe gome kple domenyinu le anyigba kɔkɔe la dzi, eye wòagatia Yerusalem.


Medoa gbe ɖa be miaƒe gbɔgbɔmeŋkuwo naʋu, eye dzi nyanu nanɔ mia si be míade dzesi mɔkpɔkpɔ si wòyɔ mí na, eƒe kesinɔnu, ŋutikɔkɔe ƒe domenyinyi si wòna ame kɔkɔewo,


Wò amewo kple wò domenyilawo wonye, ame siwo nètsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple abɔ sesẽ la kplɔ tso Egipte.”


elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe mía fofowo tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi. Eyae nye Mawu si wɔ nukunu gãwo le Israelviwo ŋkume esi míezɔ mɔ to gbedzi, eye wòɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me esi míeto woƒe anyigbawo dzi.


Tete Samuel tsɔ amigoe eye wòkɔ amia ɖe Saul ƒe tame, hegbugbɔ nu nɛ eye wògblɔ be, “Ɖe Yehowa mesi ami na wò be nàɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa