Le Rehoboam ƒe fiaɖuɣi la, Yudatɔwo wɔ nu vɔ̃ abe Israelviwo ke ene eye wotsɔ woƒe nu vɔ̃ wɔwɔ do dɔmedzoe na Yehowa elabena woawo ƒe nu vɔ̃wo wu wo fofowo tɔ gɔ̃ hã.
Wotsɔ wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo gɔ̃ hã wɔ numevɔsae le Molek ƒe vɔsamlekpuiwo dzi. Wodea afakalawo gbɔ, saa dzowo eye wotsɔ wo ɖokuiwo de asi na nu vɔ̃. Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie.
Le esia megbe la, eɖe nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe kple Gbegblẽto la ƒe dziehe la ɖa. Fia Solomo tu nuxeƒe siawo na Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu vɔ̃ɖi la, na Kemos, Moabtɔwo ƒe mawu vɔ̃ɖi la kple na Milkom, Amonitɔwo ƒe mawu nyɔŋu la.
Mègaƒu du va se ɖe esime wò afɔwo natsi ƒuƒlu, eye wò ve me naƒu kplakplakpla o. Gake, ègblɔ be, ‘Mehiã o; melɔ̃ dutamawuwo eya ta ele nam be mati wo yome.’
Ɖo to nye dukɔ ƒe avifafa tso anyigba didi aɖe dzi, “Ɖe Yehowa mele Zion oa? Ɖe Fia la megale afi ma oa?” “Nu ka ta wotsɔ woƒe aklamakpakpɛwo kple dutalegba maɖinuwo do dziku nam ɖo?”
Edo nane si le abe asi ene ɖa, eye wolé nye taɖa. Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi yi anyigba kple dziƒo dome, eye le Mawu ƒe ŋutega aɖe me la, ekɔm yi Yerusalem, yi ɖe xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo anyiehetɔ ƒe mɔnu, afi si legba si nyɔa ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe le Mawu me la le.
Wona meʋã ŋu woƒe legbawo ŋutɔ, legba siwo menye mawuwo kura o. Nye hã mana woaʋã ŋu dukɔ si menye dukɔ o la. Mana miado dɔmedzoe ɖe dukɔ si mesea nu gɔme o la ŋu.
Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo le mɔ aɖeke nu o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ɖevi siwo léa fum la ɖe wo fofowo ƒe vodadawo teƒe va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.