Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 30:9 - Agbenya La

9 Yehowa miaƒe Mawu ana nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi, eye wòana mia viwo, miaƒe lãwo kple miaƒe agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu, elabena Yehowa agakpɔ dzidzɔ le mia ŋu, abe ale si wòkpɔe le mia tɔgbuiwo ŋu ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Yehowa, wò Mawu, ana nusiwo katã newɔna, wò dɔmeviwo, wò lãwo ƒe viwo kple wò agblemenuwo kpakple wò kesinɔnuwo nasɔ gbɔ ɖe dzi; eye Yehowa agakpɔ dzidzɔ le ŋuwò, eye wòawɔ nyuie na wò, abe alesi wòkpɔ dzidzɔ le fofowòwo ŋu ene.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 30:9
19 Mawu Ofanana  

Womagayɔ wò azɔ be Wogbe nu le egbɔ, alo ayɔ wò anyigba be Gbegbe o. Ke boŋ woayɔ wò be, Hefziba si gɔmee nye Eƒe nu nyo ŋunye, eye woayɔ wò anyigba be Biula, si gɔmee nye eɖe srɔ̃, elabena wò nu anyo Yehowa ŋu, eye wòaɖe wò anyigba abe srɔ̃ ene.


Abe ale si ɖekakpui ɖea ɖetugbii ene la, nenema ke viwò ŋutsuwo aɖe wòe, eye abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔe ɖe eƒe ŋugbetɔ ŋu ene la, nenemae wò Mawu akpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwòe.


Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye nye amewo ƒe nu ado dzidzɔ nam. Womagase avifafa kple konyifaɣli le eme azɔ o.


Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi maƒã amegbetɔwo kple lãwo ƒe nuku ɖe Israel kple Yuda ƒe aƒewo me.


Abe ale si nye ŋku le wo ŋu be maho wo, malã wo, maxlã wo ɖi, matsrɔ̃ wo eye mahe dzɔgbevɔ̃e va wo dzii ene la, nenema kee manɔ te ɖe wo ŋu be woatu xɔ eye woaƒã nu” Yehowae gblɔe.


Matsɔ dzidzɔ awɔ nyui na wo eye matsɔ nye dzi blibo kple luʋɔ blibo ali ke wo kple kakaɖedzi ɖe anyigba sia dzi.


Ekema du sia atsɔ ŋkɔ gã, dzidzɔ, kafukafu kple bubu vɛ nam le anyigbadzidukɔ siwo katã se nu nyui siwo mewɔ na wo la dome; ŋɔdzi alé wo eye woadzo nyanyanya le nunyoname gbogbo kple ŋutifafa si mena wo la ta.’


mana tsi nadza na mi le tsidzaɣi, anyigba ana eƒe nuɖuɖu, eye gbemetiwo atse woƒe kutsetsewo.


elabena mana ŋutifafa mi. Miamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le dziɖeɖi me. Manya lã wɔadãwo ɖa le mia ŋgɔ.


Yehowa wò Mawu la li kpli wò, kalẽtɔ si ate ŋu axɔ na wò lae wònye. Akpɔ dzidzɔ gã aɖe ɖe ŋuwò, atsɔ eƒe lɔlɔ̃ afa akɔ na wò, eye wòado dzidzɔ na wò kple hadzidzi.”


Gake enyo be míakpɔ dzidzɔ elabena nɔviwòe. Azɔ eku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye míegafɔe.’ ”


Megblɔ nya siawo na mi be dzidzɔ si le menye la nanɔ miawo hã mia me, be miaƒe dzidzɔ nagbã go.


Woayra wò alimeviwo, eye wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, wò nyiwo kple wò alẽwo siaa adzi ɖe edzi.


Abe ale si Yehowa kpɔ dzidzɔ le ŋuwò, wɔ nu wɔnuku mawo na wò, eye wòna nèdzi sɔ gbɔ ene la, nenema kee, le ɣeyiɣi si gbɔna me la, Yehowa akpɔ dzidzɔ le ale si wòatsrɔ̃ wò ŋu, eye nàbu le anyigba la dzi,


Ke miawo la, ele na mi be miatrɔ va Yehowa gbɔ, eye miawɔ eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi.


Yehowa ayra wò wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me. Wò ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dometɔ aɖeke matsi ko o. Woƒe lãwo gɔ̃ hã matsi ko o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa