Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 30:8 - Agbenya La

8 Ke miawo la, ele na mi be miatrɔ va Yehowa gbɔ, eye miawɔ eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke wò la gaɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nawɔ se, siwo katã mede na wo egbe la dzi.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 30:8
14 Mawu Ofanana  

Amegbetɔ tɔe nye dzi ƒe nuɖoɖowo, ke nyaŋuɖoɖo na aɖe tsoa Yehowa gbɔ.


“Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la le ɣeyiɣi ma megbe,” Yehowae gblɔe. “Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti. Manye woƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.


Ɖewohĩ ne Yudatɔwo ase gbegblẽ siwo katã meɖo be mahe va wo dzii la, wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi; ekema matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kple nu vɔ̃ ake wo.”


Made nye Gbɔgbɔ mia me, mana miawɔ nye ɖoɖowo dzi, eye mialé nye seawo me ɖe asi.


“ ‘Nye dɔla, David anye woƒe fia, eye kplɔla ɖeka anɔ wo si. Woazɔ ɖe nye seawo nu, eye woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi.


eye le ŋutilã ɖeka sia me la, wòana woazu ɖeka kple Mawu to atitsoga la dzi, eye wòatsrɔ̃ woƒe fuléle la.


eye mi kple mia viwo mietrɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, hede asi eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi wɔwɔ me kple dzi blibo kple luʋɔ blibo la,


Yehowa, miaƒe Mawu la aɖe eƒe fiƒodewo katã ɖa le mia dzi, eye wòatrɔ wo akɔ ɖe ame siwo léa fu mi, eye wotia mia yome la dzi.


Yehowa miaƒe Mawu ana nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi, eye wòana mia viwo, miaƒe lãwo kple miaƒe agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu, elabena Yehowa agakpɔ dzidzɔ le mia ŋu, abe ale si wòkpɔe le mia tɔgbuiwo ŋu ene.


elabena Mawue le dɔ wɔm le mia me. Eyae kpena ɖe mia ŋu be miaɖo toe, eye miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa