Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 30:7 - Agbenya La

7 Yehowa, miaƒe Mawu la aɖe eƒe fiƒodewo katã ɖa le mia dzi, eye wòatrɔ wo akɔ ɖe ame siwo léa fu mi, eye wotia mia yome la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Yehowa, wò Mawu, ana fiƒode siawo katã nava wò futɔ kple wò ketɔ, siwo le yowòme tim la dzi.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 30:7
28 Mawu Ofanana  

Ke ne èɖɔ ŋu ɖo, ɖo toe, eye nèwɔ nye Sewo katã dzi la, ekema manye futɔ na wò futɔwo,


Ne Yehowa wu nu siwo katã wòɖo be yeawɔ kple Zion to la kple Yerusalem nu vɔ la, ekema agblɔ be, “Mahe to na Asiria fia le eƒe dada kple ɖokuikpɔkpɔ gãe ta.


Kpɔ ɖa, miedze egɔme le gbegblẽ hem va du si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la dzi eye wò ya nèsusu be magbe tohehe na yea? Nyemagbe tohehe na wò o, elabena medɔ yi ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.’


“ ‘Gake ame siwo katã vuvu wò la woavuvu wo, eye wò futɔwo katã ayi aboyo me. Ame siwo ha wò la, woaha woawo hã. Ame siwo wɔ wò abe afunyinuwo ene la, mawɔ woawo hã abe afunyinuwo ene.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esi Edomtɔwo bia hlɔ̃ Yuda ƒe aƒe eye wodze agɔ vevie to nu sia wɔwɔ me ta la,


“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi Filistitɔwo wɔ nu le hlɔ̃biabia me, eye wobia hlɔ̃ kple ta me vɔ̃ ɖoɖo si le dzi me na wo kple fuléle si nɔ wo me tso blema ke, be yewoatsrɔ̃ Yuda ta la,


Gblɔ na wo be, ‘Mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, esi miegblɔ be, “Ahã” ɖe nye kɔkɔeƒe la ŋu le esime wodo gui, ɖe Israelnyigba ŋu esime wòzu gbegbe, eye ɖe Yuda ŋu esime woɖe aboyo eƒe amewo ta la,


Elabena alea Aƒetɔ Yehowa gblɔ: esi mieƒo asikpe, tu afɔ anyi le dzidzɔkpɔkpɔ me kple ta me vɔ̃ ɖoɖo le miaƒe dzi me ɖe Israelnyigba ŋu ta la,


“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esi Moabtɔwo kple Seirtɔwo gblɔ be, “Kpɔ ɖa, Yuda ƒe aƒe zu abe dukɔ bubuwo ene” ta la,


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Edom ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe Israel ɖe nu kple yi, eye wòlé dziku ɖe dɔ me ɖikaa, hegbe be yemakpɔ nublanui nɛ o.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Amon ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena le woƒe aʋa si wowɔ le Gilead be yewoakeke yewoƒe liƒowo ɖe edzi me la, wotsɔ yi dze ƒodo na Gilead ƒe funɔwo.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Damasko ƒe nu vɔ̃ gbogbo siwo wòwɔ edziedzi ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena edugu Gilead kple galuƒomɔ abe ale si wotsɔa galuƒomɔ dugua lu ene.


Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le Gaza ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe aboyo nye ameha gã aɖe, eye wòdzra wo kluviwoe na Edom.


Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le Tiro ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eda le nubabla si le eya kple Israel dome la dzi, eye wòdze edzi, wɔ aʋa kplii hekplɔe yi ɖe kluvinyenye me le Edom.


Le esi nèsẽ ŋuta le nɔviwò Yakob ŋuti ta la, ŋukpe alé wò eye woatsrɔ̃ wò gbidii.


Gbe ma gbe ne dukɔ siwo katã le anyigba dzi ƒo ƒu ɖe eŋuti la, mawɔ Yerusalem wòanye agakpe si meʋãna o la na dukɔwo. Ame siwo katã adi be yewoamli agakpe sia la axɔ abi.


“Ɛ̃, matrɔ azɔ ayi nye ŋutɔ nye amewo dome. Ke gbã la, na magblɔ nu si Israelviwo awɔ wò amewo la na wò!”


Wole adeklo dzi abe dzata ene, eye abe dzatanɔ ene la, ame ka ate ŋu anyɔ wo? “Woayra ame siwo yraa wò. Eye woaƒo fi ade ame siwo ƒoa fi dea wò!”


Ke miawo la, ele na mi be miatrɔ va Yehowa gbɔ, eye miawɔ eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi.


Gawu la, Yehowa aɖe miaƒe dɔlélewo katã ɖa, eye mana Egiptetɔwo ƒe dɔléle siwo dzi nèɖo ŋkui nyuie la dometɔ aɖeke naɖe fu na wò o. Atsɔ dɔléle siawo katã ada ɖe wò futɔwo dzi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa