Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 3:5 - Agbenya La

5 Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã du siawo, eye wode gakpogbowo wo nu. Míexɔ du siwo katã womeɖo gli ƒo xlãe o la hã.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Du siawo katã sesẽ, wo ŋu gliwo kɔ, eye wode agbo kple gameti wo nu, hekpe ɖe kɔƒe geɖe, siwo ŋu womeɖo gli ɖo o la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 3:5
8 Mawu Ofanana  

Wò amewo xɔ du gã siwo woglã la kple agbledenyigba nyuiwo. Woxɔ aƒe geɖe siwo me nu nyuiwo abe vudo, waingblewo, amitivewo kple kutsetseti geɖewo ene la le. Ale woɖu nu ɖi ƒo, eye wò yayrawo sɔ gbɔ ɖe wo dzi.


Esia tae Yudatɔ siwo le kɔƒewo me la, ɖoa ŋku Ada alo ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke wuienelia dzi heɖunɛ le dzidzɔkpɔkpɔ kple nuɖuɖu kple nunono me. Wonaa nunana wo nɔewo hã le ŋkeke ma dzi.


Ke afi ma tɔwo nye ŋusẽtɔwo. Woƒe duwo lolo, eye woglã wo katã. Gawu la, míekpɔ Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma!


Nu kae le míawɔ ge? Mía nɔvi ŋkutsalawo ƒe ɖaseɖiɖi do ŋɔdzi na mí. Wobe, ‘Anyigba la dzi tɔwo nye ame dzɔatsu sesẽwo, eye gli siwo woɖo ƒo xlã woƒe duwo la kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli! Wokpɔ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma.’ ”


Míexɔ eƒe du blaadeawo katã kple Basan ƒe to si woyɔna be Argob.


Míetsrɔ̃ Basan fiaɖuƒe la keŋkeŋ abe ale si míetsrɔ̃ Fia Sixɔn ƒe fiaɖuƒe le Hesbon ene, eye míewu ameawo katã, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa.


To xɔse me Yeriko ƒe gliwo mu esi Israelviwo ƒo xlãe ŋkeke adre.


Woɖo sikafiawo ɖa abe avulévɔsanu ene na Yehowa ɖe Filistitɔwo ƒe du bubuwo ta, ɖe du gã siwo woglã kple kɔƒe siwo nɔ amegã atɔ̃awo ƒe dzikpɔkpɔ te la siaa nu. Agakpe gã si dzi woda nubablaɖaka la ɖo le Bet Semes la gale Yosua ƒe agble la me va se ɖe egbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa