Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 3:12 - Agbenya La

12 Míetsɔ anyigba si míexɔ la na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe to afã la ƒe viwo. Metsɔ anyiehenyigba si tso Areor le Arnon tɔsisi la gbɔ kple Gilead to la ƒe afã kple eƒe duwo na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye míexɔ anyigba sia le ɣemaɣi me tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu. Eye metso Gilead-towo ƒe akpa afã na Ruben-viwo kple Gad-viwo;

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 3:12
10 Mawu Ofanana  

le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, le Gilead ƒe anyigba la katã dzi (afi si nye Gad, Ruben kple Manase ƒe nutomewo me), tso keke Aroer si le Arnon tɔsisi la to va se ɖe Gilead kple Basan nutowo me.


Ale Mose tsɔ Gileadnyigba na Manase ƒe vi Makir eye wonɔ afi ma.


Míexɔ teƒe ɖe sia ɖe tso Aroer yi Gilead, tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi kple du siwo katã le bali la me. Woƒe du aɖeke mesẽ wu mí o elabena Yehowa, mía Mawu la tsɔ wo katã de asi na mí.


Esi míeva ɖo afi sia la, Fia Sixɔn tso Hesbon kple Fia Ɔg tso Basan kpe aʋa kpli mí, ke míeɖu wo dzi;


míexɔ woƒe anyigba, eye míetsɔe na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã abe woƒe domenyinu ene,


Manase ƒe viwo xɔ Gilead ƒe akpa mamlɛtɔ kple teƒe si Fia Ɔg ƒe fiaɖuƒe nɔ le Argob nuto me. Woyɔa Basan ɣe aɖewo ɣi be, “Refaim ƒe Anyigba.”


Israelviwo xɔ anyigba la katã tso Aroer si le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi va se ɖe Sirion to (si wogayɔna be Hermon to) la gbɔ


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa