Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 3:11 - Agbenya La

11 (Ɔg, Basan fiae nye ame dzɔtsu, Refaimtɔwo ƒe mamlɛtɔ. Wotsɔ eƒe gabati dzra ɖo ɖe nuwo dzraɖoƒe le Raba, si nye Amonitɔwo ƒe duwo dometɔ ɖeka me. Gabati sia didi afɔ wuietɔ̃ kple afã, eye wòkeke afɔ ade.)

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Og, Basan-fia, enye ame dzɔtsu mlɔetɔ, si kpɔtɔ ɖi; eƒe gabati, si le Amon-viwo ƒe du Rabat me la, didi ŋutsu ƒe abɔklugui asieke, eye wòkeke abɔklugui ene.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 3:11
15 Mawu Ofanana  

Le ƒe wuienelia me la, Kedolaoma kple fia siwo kpe ɖe eŋu la yi ɖasi Refaimtɔwo le Asterot, Karnaimtɔwo kple Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Save Kiriataim


Na wòadidi mita alafa ɖeka blaene (140), akeke mita blaeve-vɔ-etɔ̃, akɔkɔ mita wuietɔ̃ kple afã.


Le Adame esi fiawo ƒe aʋawɔɣi ɖo la, David ɖo Yoab kple Israel ƒe aʋakɔ la ɖa be woatsrɔ̃ Amonitɔwo eye woɖe to ɖe Raba. Ke David nɔ Yerusalem.


Azɔ la, Yoab wɔ aʋa kple Amonitɔwo ƒe Raba eye wòxɔ fiadu la.


Ke Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mado aʋaɣli ɖe, Amonitɔwo ƒe du, Raba, ŋu. Woagbãe wòazu anyiglago eye kɔƒe siwo ƒo xlãe la, woatɔ dzo wo. Ekema Israel anya ame siwo nyae de gbe la de gbe,” Yehowae gblɔe.


De dzesi mɔ ɖeka wòato ayi ɖe Amonitɔwo ƒe Raba ŋu, eye bubu nayi Yuda kple Yerusalem, du si woglã la ŋu,


Matrɔ Raba wòazu gbeɖuƒe na kposɔwo, eye Amoninyigba azu gbɔɖemeƒe na alẽwo. Ekema mianya be, nyee nye Yehowa.


Eya ta matɔ dzo Raba ƒe gli sesẽwo, eye wòabi eƒe mɔwo le aʋaɣli ƒe ɖiɖi me le aʋakpegbe kple yaƒoƒo sesẽ le ahomtugbe.


“Metsrɔ̃ Amoritɔwo le wo ŋgɔ, togbɔ be wodzɔ atsu abe sedati, eye wosẽ abe sesewu ene hã la, meho wo kple ke.


Woyɔa Emitɔwo kple Anaktɔwo be Refaimtɔwo, ke Moabtɔwo yɔa wo be Emitɔwo.


“Refaimtɔwo nɔ afi ma hã kpɔ. Amonitɔwo yɔ wo be Zanzumitɔwo.


Woɖu Ɔg, Basan fia, ame si nye Refaim ƒe dzidzimeviwo ƒe mamlɛtɔ nɔ Astarot kple Edrei hã dzi.


kple Ɔg, Basan fia, ame si ɖu fia le Astarot kple Edrei la ƒe anyigba. Eyae nye Refaimtɔ mamlɛtɔ, elabena Mose ho aʋa ɖe wo ŋu, eye wònya wo ɖa le anyigba la dzi.


Edzidze gli la ƒe titrime, eye le amegbetɔ ƒe dzidzeka si mawudɔla la lé la nu la, titrime la le mita blaade-vɔ-atɔ̃.


Aʋakalẽtɔ aɖe si ŋkɔe nye Goliat, ame si tso Gat do go tso Filistitɔwo ƒe asaɖa me. Ŋutsu sia ƒe kɔkɔme anɔ mita etɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa