10 “Ne èɣe nane na ame aɖe la, mèkpɔ mɔ nàyi eƒe aƒe me be yeaxɔ awɔbanu aɖeke o.
10 Ne èdo nugbana na nɔviwò la, megage ɖe eƒe me atsɔ nane awɔbae o;
Èbia megbedanu tso nɔviwò ŋutsuwo si susumanɔmetɔe eye nèɖe avɔ le amewo ŋu wotsi amama.
Ne èxɔ eƒe avɔ abe awɔbanu ene la, ele be nàgbugbɔe nɛ le fiẽ me,
elabena ɖewohĩ avɔ ma koe nye vuvɔxenu le esi. Aleke wòate ŋu adɔ alɔ̃e ne avɔ la mele esi o? Ne mètrɔ avɔ la nɛ o, eye wòdo ɣli bia nye xɔname la, masee, eye mave enu, elabena amenuvelae menye.
Ele be miado nu sia nu si woahiã la na wo.
Nɔ aƒea godo! Na ame si nèɣe nu la na la ŋutɔ natsɔ awɔbanu la vɛ na wò.