Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 22:1 - Agbenya La

1 “Ne èkpɔ ame aɖe ƒe nyi alo alẽ wòtra mɔ la, mègawɔ abe ɖe mèkpɔe ene o; kplɔe yi na nutɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ne èkpɔ nɔviwò ƒe nyi alo alẽ tre mɔ la, megato eŋu yi o, ke boŋ gakplɔe yi na nɔviwò.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 22:1
21 Mawu Ofanana  

Ɖe ame siwo wokplɔ yina wuwu ge eye xɔ na ame siwo le yiyim sɔgɔsɔgɔ yina ɖe ku me.


Mègagblẽ xɔ̃wò alo fofowò xɔlɔ̃ ɖi o, eye mègayi nɔviwò ƒe aƒe me ne dzɔgbevɔ̃e ƒo go wò o, anyo na wò be nàyi hawòvi si tsɔ ɖe gbɔwò la gbɔ wu nɔviwò si le adzɔge.


Ame si naa nu hiãtɔ la, naneke mahiãe o, ke ame si miaa ŋku ɖe woƒe hiahiãwo dzi la, axɔ fiƒode geɖe.


Ɖe menye eyae nye be nàna nuɖuɖu dɔwuitɔwo, ana nɔƒe ame dahe si le tsaglãla tsam, ne èkpɔ ame aɖe wòle amama la, nàta avɔ nɛ, eye màtrɔ megbe ade wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu oa?


Makpɔ mɔ na Yehowa ame si le eƒe mo ɣlam ɖe Yakob ƒe aƒe la; maɖo dzi ɖe eŋu.


Madi nye alẽ bubuawo, eye makplɔ mɔtralawo agbɔe. Mabla abi na esiwo nu vevi wɔ, mado ŋusẽ esiwo gbɔdzɔ, ke mawu esiwo da ami kple esiwo nye lãmesẽtɔwo la. Makpɔ nye alẽawo dzi kple dzɔdzɔenyenye.


Miedo ŋusẽ alẽ siwo gbɔdzɔ o, mieda gbe le alẽ siwo dze dɔ la ŋu o, eye miebla abi na esiwo nu vevi wɔ o. Miekplɔ esiwo tra mɔ la gbɔe o, eye miedi esiwo bu o. Miekplɔ wo kple dzimagbɔɖi, eye miewɔ funyafunya wo.


Ne anyigba la dzi tɔwo wɔ abe ɖe womenya naneke tso ame si tsɔ via na Molek ŋu o, eye wogbe be yewomawui o la,


alo ne efɔ nu bubu aɖe, evɔ wòda alakpa le eŋuti alo wòka atam dzodzro alo wòwɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ ɖeka si amewo awɔ,


“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mikpɔ nublanui, eye mianyo dɔ me na mia nɔewo.


ke boŋ miyi Israelvi siwo nye Mawu ƒe alẽ bubuwo la ko gbɔ.


Yesu gblɔ na nyɔnu la be, “Ɖe Mawu dɔm be mava Israel dukɔ si le abe alẽ bubu ene la ko gbɔ.”


elabena woŋlɔe ɖe Mose ƒe segbalẽ la me be, “Megabla nu na nyitsu ne ele mɔlu tugum o.” Nyitsuwo ŋue Mawu tsi dzi ɖoa?


Ne mènya nutɔ o la, kplɔe yi wòatsi gbɔwò va se ɖe esime nutɔ nava dii, eye nàɖe asi le eŋu nɛ.


Elabena mienɔ abe alẽ siwo tra mɔ la ene, ke azɔ la, mietrɔ gbɔ va Alẽkplɔla la kple miaƒe luʋɔwo dzi kpɔla la gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa