9 Ale nàɖe fɔɖiɖi sia ɖa le mia dome to Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ me.”
9 Ne ebe, yeawɔ nusi anyo le Yehowa ŋku me la, ekema ɖe ʋu maɖifɔ la ɖa le dowòme.
Fia la gblɔ be, “Wɔ eƒe didi dzi, wui le vɔsamlekpui la gbɔ eye nàɖii. Esia aɖe amewo wuwu dzodzro ƒe fɔɖiɖi ɖa le nye kple fofonye ƒe ƒome la dzi.
Ne miewɔ se sia dzi la, miadze Yehowa ŋu, eye nu sia nu adze edzi na mi kple miaƒe dzidzimeviwo siaa.
Nu si ko ana Yehowa miaƒe Mawu la nakpɔ nublanui na mi lae nye, ne mieɖo toe, ne miewɔ ɖe eƒe se siwo mele dedem na mi egbe la dzi, eye ne miewɔ nu si nye nu dzɔdzɔe le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume.”