Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 21:5 - Agbenya La

5 “Nunɔlawo, ame siwo Yehowa, wò Mawu la tia be woawɔ dɔ le yeƒe ŋkume, ayra amewo, adrɔ̃ ʋɔnu, eye woahe to na amewo la

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Emegbe nunɔlawo, amesiwo nye Lewi-viwo la, nate va, elabena woawo Yehowa, wò Mawu tia, bena woasubɔe, eye Woayra ame ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, eye alesi wogblɔ la, nenema nu woadrɔ̃ dzrenya kple avuwɔnyawo katã ɖo.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 21:5
12 Mawu Ofanana  

Amram ƒe viwoe nye Aron kple Mose. Wotia Aron kple viawo da ɖi hena nuwo ŋu kɔkɔ kple vɔsasa le Yehowa ŋkume. Aron subɔna le Yehowa ŋkume eye wòyraa ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me ɣeawo katã ɣi.


Ne ʋɔnudrɔ̃lawo tsɔ nyawo tso duta va mia gbɔ la, nenye amewunya alo Mawu ƒe sewo dometɔ aɖe dzi dada la, ele be miabu ɖaseɖiɖiwo ŋu nyuie eye miakpe ɖe ʋɔnudrɔ̃la siwo tso duta ŋu be, woatso afia dzɔdzɔe ne Mawu ƒe dɔmedzoe nagabi ɖe miawo kple woawo siaa ŋu o. Ne miewɔ alea la, ekema miawɔ miaƒe dɔdeasiwo nyuie.”


Tete wògblɔ nam be, “Xɔ siwo le anyiehe kple dziehe, eye wodze ŋgɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu la nye nunɔlawo ƒe xɔwo, afi si nunɔla siwo tena ɖe Yehowa ŋu la aɖu vɔsanu kɔkɔeawo le. Afi mae woatsɔ vɔsanu kɔkɔewo, nuɖuvɔsanuwo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo kple fɔɖivɔsanuwo ada ɖo, elabena teƒe la le kɔkɔe.


“ ‘Ne dzrenya aɖe dzɔ la, nunɔlaawo awɔ dɔ abe ʋɔnudrɔ̃lawo ene, eye woatso nya me le nye sewo nu. Woalé nye sewo kple ɖoɖowo na ŋkekenyui ɖoɖiwo me ɖe asi, eye woawɔ nye Dzudzɔgbe la kɔkɔe.


Emegbe la, Aron wu eƒe asiwo dzi ɖe dukɔ la dzi, yra wo; eye esi wòsa nu vɔ̃ vɔ, numevɔ, kple akpedavɔ vɔ la, eɖi le vɔsamlekpui la dzi.


“Ele be Mawu ƒe nya kple nunya nado go tso nunɔla nu ɣe sia ɣi ale be amewo nasrɔ̃ Yehowa ƒe sewo tso egbɔ, elabena nunɔlae nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dɔla, eye wòle be amewo nava egbɔ hena nuxɔxlɔ̃ kple afɔɖoƒefiafia wo.


Afi mae Yehowa ɖe Levi ƒe viwo ɖe aga le be woakɔ nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le, eye woanɔ tsitre ɖe Yehowa ŋkume awɔ Yehowa ƒe dɔ, ade bubu eƒe ŋkɔ ŋu abe ale si wowɔna egbe ene.


elabena Yehowa, wò Mawu la tia Levitɔwo tso to bubuawo dome be woawɔ subɔsubɔdɔwo na Yehowa tso dzidzime yi dzidzime.


na woakplɔ ame eveawo ayi nunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo gbɔ le Yehowa ŋkume.


ayi balime si tɔsisi aɖe to, eye womede agble ɖi kpɔ o. Woaŋe kɔ nyinɔe la le afi ma.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa