Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 2:4 - Agbenya La

4 Gblɔ na ameawo be wole wo nɔviwo, Edomtɔwo ƒe anyigba dzi to ge. Ame siawoe nye Esau ƒe dzidzimevi siwo le Seir. Dzidzi aƒo Edomtɔwo, eya ta mikpɔ nyuie.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye de se na dukɔ la bena: Miele mia nɔvi Esau-viwo, amesiwo le Seir la, ƒe anyigba dzi to ge, eye wole mia vɔ̃ ge, ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie,

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 2:4
15 Mawu Ofanana  

Yehowa gblɔ nɛ be, “Viŋutsu eve siwo le dɔ me na wò la azu dukɔ eve siwo aʋli ho kple wo nɔewo. Ɖeka asesẽ wu evelia, eye tsitsitɔ azu subɔla na ɖevitɔ.”


Ale Esau, ame si wogayɔna be Edom la yi ɖanɔ tonyigba dzi le Seir.


Ŋɔdzi alé Edom fiawo, eye Moab ƒe kplɔlawo anɔ dzodzom nyanyanya, Kanaantɔwo hã ƒe dzi alolõ.


Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ adze wo dzi. Woatrɔ azu kpe, le wò abɔ ƒe ŋusẽ ta, va se ɖe esime wò amewo atso eme ava ayi. O, Yehowa, va se ɖe esime wò ame siwo nèƒle la, atso eme ava yi.


Nenema ke mina miaƒe akaɖiwo naklẽ le amewo gbɔ, be woakpɔ miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, eye woakafu mia Fofo si le dziƒo.”


Eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nyuie! Milé be na mia ɖokui tso ŋukeklẽ ŋuti, elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.”


Eya ta mikpɔ nyuie be miaganɔ agbe abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene,


“Mienɔ to sia ŋu wòdidi. Mitrɔ ɖo ta anyiehe lɔƒo.


Ke migado vlo Edomtɔwo kple Egiptetɔwo ya o. Mia nɔviwoe nye Edomtɔwo, eye mienɔ Egiptetɔwo dome kpɔ.


ale be miazu mokakamanɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo. Minɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe Mawu ƒe vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũu kple ame mawɔnuteƒewo kple kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe ɣletiviwo ene,


Miwɔ mɔnukpɔkpɔ suetɔ kekeake ŋu dɔ ne miatsɔ aɖe gbeƒã nyanyui lae na ame bubuwo. Mizɔ le nunya me le miaƒe nuwɔnawo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa