Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 2:34 - Agbenya La

34 Míetsrɔ̃ woƒe nu sia nu kple woƒe nyɔnuwo kple woƒe vidzĩwo katã. Míena naneke tsi agbe o,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Miexɔ eƒe duwo katã le ɣemaɣi me, eye mietsrɔ̃ du sia du, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple vidzĩewo gbidigbidi, eye míena amea ɖeke tsi agbe ahayi sisi ge o.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 2:34
15 Mawu Ofanana  

Míetsrɔ̃ Basan fiaɖuƒe la keŋkeŋ abe ale si míetsrɔ̃ Fia Sixɔn ƒe fiaɖuƒe le Hesbon ene, eye míewu ameawo katã, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa.


Ne Yehowa, wò Mawu la tsɔ wo de asi na wò be nàtsrɔ̃ wo la, ele be nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Mègawɔ nubabla kpli wo alo nàkpɔ nublanui na wo o. Tsrɔ̃ wo keŋkeŋ.


Mègatsɔ ŋunyɔnu aɖeke va aƒewò me o, ne menye nenema o la, wò hã àzu busunu si woɖo anyi na tsɔtsrɔ̃. Tsri wo vevie, eye woanyɔ ŋu na wò elabena busunuwoe wonye.


Gbe ma gbe ke la, Yosua tsrɔ̃ Makeda du la, eye wòwu fia la kple ame sia ame si nɔ dua me; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe le du blibo la me o.


Ale Yosua kple eƒe aʋakɔ la woɖu anyigba blibo la dzi; woɖu dukɔ siwo nɔ toawo dzi, esiwo nɔ anyigba sɔsɔe dzi kple esiwo nɔ toawo ŋu la dzi. Wowu ame sia ame le anyigba la dzi, abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la ɖo na wo be woawɔ ene.


Israelviwo ha du siwo wotsrɔ̃ la ƒe nuwo kple lãwo na wo ɖokuiwo, ke wowu amegbetɔwo katã,


Wotsrɔ̃ nu sia nu le dua me, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyiwo, alẽwo kple tedziwo. Wotsrɔ̃ nu sia nu keŋkeŋkeŋ.


Israelviwo wɔ nu vɔ̃, wogbe nubabla si mewɔ kpli wo la dzi wɔwɔ. Wotsɔ nu siwo meɖe gbe be woatsrɔ̃ la dometɔ aɖewo, wofi wo, da alakpa, eye wotsɔ wo ɣla ɖe woƒe nuwo dome.


Gibeontɔwo ƒe kplɔlawo ɖo eŋu be, “Míeble mi nenema, elabena míese be Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose be wòaɖu anyigba blibo la dzi, eye wòatsrɔ̃ ameawo katã le anyigba la dzi. Ale míevɔ̃ mi, ɖe míaƒe agbe ta, eya ta míeble mi nenema ɖo.


Eya ta yi nàtsrɔ̃ Amalek dukɔ blibo la, ŋutsuwo, nyɔnuwo, vidzĩwo, ɖeviwo, nyiwo, alẽwo, kposɔwo kple tedziwo!’ ”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa