Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 2:11 - Agbenya La

11 Woyɔa Emitɔwo kple Anaktɔwo be Refaimtɔwo, ke Moabtɔwo yɔa wo be Emitɔwo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Wobu woawo hã ɖe ame dzɔtsuwo me abe Enakitɔwo ene, eye Moabitɔwo yɔ wo be Emitɔwo.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 2:11
10 Mawu Ofanana  

Le ƒe wuienelia me la, Kedolaoma kple fia siwo kpe ɖe eŋu la yi ɖasi Refaimtɔwo le Asterot, Karnaimtɔwo kple Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Save Kiriataim


Le ɣe ma ɣi me kple emegbe gɔ̃ hã la, esime mawu viwo ɖea amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo la, wo viwo zua ame dzɔatsuwo, eye ŋutinya geɖewo nɔ wo ŋu.


Filistitɔwo ƒe ame dzɔatsu aɖe si nye Rafa ƒe dzidzimevi, Isbi Benob, ame si ƒe akplɔ ƒe akɔbliteƒe kpe wu kilogram wuieve la, do gawu yeye aɖe hã. Egblɔ be yele David wu ge.


Wotso afi ma ɖo ta dzigbeme lɔƒo; woto Negeb gbã, eye woyi Hebron. Wokpɔ Ahimanitɔwo, Sesaitɔwo kple Talmaitɔwo. Ame siawo katã nye Anak, ame dzɔatsu ƒe dzidzimeviwo. (Hebron nye du xoxo aɖe. Wotsoe ƒe adre do ŋgɔ na Tanis tsotso le Egipte.)


Ke afi ma tɔwo nye ŋusẽtɔwo. Woƒe duwo lolo, eye woglã wo katã. Gawu la, míekpɔ Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma!


Míekpɔ Nefilimtɔwo hã le afi ma (Anak nye Nefilimtɔwo ƒe dzidzimeviwo). Míedze le woƒe ŋkume abe abɔwo ene, eye nenema kee woawo hã kpɔ míe.”


Nu kae le míawɔ ge? Mía nɔvi ŋkutsalawo ƒe ɖaseɖiɖi do ŋɔdzi na mí. Wobe, ‘Anyigba la dzi tɔwo nye ame dzɔatsu sesẽwo, eye gli siwo woɖo ƒo xlã woƒe duwo la kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli! Wokpɔ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma.’ ”


“Refaimtɔwo nɔ afi ma hã kpɔ. Amonitɔwo yɔ wo be Zanzumitɔwo.


(Ɔg, Basan fiae nye ame dzɔtsu, Refaimtɔwo ƒe mamlɛtɔ. Wotsɔ eƒe gabati dzra ɖo ɖe nuwo dzraɖoƒe le Raba, si nye Amonitɔwo ƒe duwo dometɔ ɖeka me. Gabati sia didi afɔ wuietɔ̃ kple afã, eye wòkeke afɔ ade.)


Anak ƒe viwo, ame siwo nye ame dzɔatsuwo, eye dukɔ aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe wo nu o la le wo dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa