Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 19:4 - Agbenya La

4 “Nu si ta wòle be du siawo nanɔ anyi ɖo la woe nye:

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ale amesi asi ayi afima atsi agbe la, ƒe nya anɔ enye si: Ne amea ɖe wu nɔvia, evɔ wònye mebua o, eye melé fui tsã hã o,

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 19:4
12 Mawu Ofanana  

Yakob de dzesii be Laban megakɔa ŋkume ɖe ye o.


Nyɔnu la gblɔ na David be, “Meɖe kuku, tsɔ Yehowa, wò Mawu, ka atam nam be, yemaɖe mɔ ame aɖeke nawɔ nuvevi vinye la o. Nyemedi be woagakɔ ʋu bubu aɖeke ɖi o.” David ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa ka atam na wò bena ame aɖeke manyɔ viwò la ƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã o!”


Tsã esi Saul nye fia gɔ̃ hã la, wòe nye ame si kplɔ Israel le eƒe aʋawɔwɔ katã me eye Yehowa, wò Mawu, gblɔ na wò be, ‘Wòe akplɔ nye dukɔ, Israel eye wòe ava nye woƒe fia.’ ”


Wodzra afi si woatɔ dzo Tofet le la da ɖi xoxo. Wodzrae ɖo ɖi na fia la hã. Wowɔ eƒe dzoʋe la wògoglo hekeke. Dzo kple nake bɔ ɖe eme. Yehowa ƒe Gbɔgbɔ si le sisim abe aŋɔtɔʋu ene lae atɔ dzoe.


Du siawo anye xɔnameteƒewo tso ame kuku la ƒe ƒometɔ siwo adi be yewoabia hlɔ̃ la ƒe asi me. Womawu hlɔ̃dola la o va se ɖe esime woadrɔ̃ ʋɔnui, akpɔe be eɖi fɔ.


Yehowa gblɔ na Mose be,


Ɖe mɔwo ɖe wo dome, eye nàma anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm abe wò domenyinu ene la ɖe akpa etɔ̃ me, ale be ne ame aɖe wu nɔvia la, wòasi ayi afi ma.


Ne ame aɖe kple nɔvia aɖe woyi nake fɔ ge le ave me, eye fia la dzo le esi, eye wòwu nɔvia la, amewula la asi ayi du mawo dometɔ ɖeka me, eye wòanɔ dedie.


Ne menye nenema o la, hlɔ̃biala la ati eyome kple dɔmedzoe, atui ne sitsoƒedu la gbɔ didi akpa, eye wòawui togbɔ be medze na ku hafi o, elabena menye ɖe wòɖoe hafi wu nɔvia o.


ale be ne ame aɖe wu ame to nu maɖowɔ me la, wòate ŋu asi ayi du siawo me, eye wòanɔ dedie.


Mieva afi sia kpɔ o, eya ta nunɔlawo afia afi si miayi la mi, gake migate ɖe nubablaɖaka la ŋu kplikplikpli o; mina dometsotso abe kilomita ɖeka ene nanɔ miawo kple nubablaɖaka la dome. Mikpɔ egbɔ be yewomete ɖe eŋu wu nenema o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa