Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 17:3 - Agbenya La

3 to mawu bubuwo, ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo subɔsubɔ me, nu siwo ŋu mede se na mi le vevie la,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye wòyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo, eɖanye ɣe alo ɣleti alo dziƒonuwo katã, nusiwo ŋu nyemeɖe se le o,

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 17:3
14 Mawu Ofanana  

Ale Mawu wu dziƒo kple anyigba kpakple nu siwo katã le xexea me la wɔwɔ nu.


Egbugbɔ nuxeƒe siwo fofoa, Hezekia gbã la tu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, etu vɔsamlekpuiwo na Baal eye wòli aƒeli abe ale si Ahab, Israel fia, wɔ la ene. Ede ta agu na dziƒonuwo katã eye wòsubɔ wo.


“Ele be woawu ame sia ame si sa vɔ na mawu, si menye Yehowa o la godoo.


Wotu nuxeƒewo na Baal be woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo le afi ma abe vɔsa na Baal ene, nu si nyemeɖo na wo alo gblɔ na wo kaka wòayi nye ta me va ge o.


Wotu nuxeƒewo na Baal le Ben Hinom ƒe Balime, ne woatsɔ wo viŋutsuviwo kple wo vinyɔnuviwo asa vɔe na Molek, evɔ nyemeɖo nu sia na wo gbeɖegbeɖe alo wòayi nye ta me va ge, be woawɔ ŋunyɔnu sia eye woakplɔ Yuda ade nu vɔ̃ me o.


Wotu nuxeƒewo na Tofet ɖe Ben Hinom ƒe Balime, be woatɔ dzo wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo le afi ma, nu si meva tame nam kaka mayi mɔ ɖe ge le eŋu na wo o.’


Woasia wo, eye ɣe aɖu wo, ɣleti kple dziƒoŋunuwo aklẽ ɖe wo dzi, nu siwo wotsɔ lɔlɔ̃ na hesubɔ nu siwo yome wodze hebia nu le wo gbɔ eye wode ta agu na wo. Womafɔ wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba.


Ekplɔm yi Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu emetɔ, eye le afi ma la, ŋutsu abe blaeve vɔ atɔ̃ ene nɔ gbedoxɔ la ƒe mɔnu le akpata la kple vɔsamlekpui la dome. Wotrɔ megbe do ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la gbɔ, wodze ŋgɔ ɣedzeƒe, eye wonɔ ta dem agu na ɣe le ɣedzeƒe.


“Ke mikpɔ nyuie be miaƒe dzi nagatrɔ le Yehowa yome be miasubɔ mawu bubuwo o.


ku nya la me tsitotsito gbã, ne nàkpɔ be ɖikeke aɖe le nya la ƒe nyateƒenyenye me hã.


Kpe ɖe esia ŋu la, migawu mo dzi be yewoasubɔ ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo o. Yehowa miaƒe Mawu akpɔ nublanui na dukɔ bubu siwo awɔ nu sia, gake makpɔ nublanui na miawo ya o.


Ne miewɔ nubabla si Yehowa wɔ kpli mi dzi o, eye ne miesubɔ Mawu bubuwo la, ekema ahe to na mi le eƒe dɔmedzoe me, eye eteƒe madidi o la, mia dometɔ aɖeke magasusɔ ɖe anyigba nyui si Yehowa tsɔ na mi la dzi o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa