Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 16:4 - Agbenya La

4 Mègana amɔʋãtike aɖeke nanɔ wò aƒe me le ŋkeke adreawo me o. Gawu la, mègana Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe lã la ƒe akpa aɖeke natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Womakpɔ amɔwɔ ʋaʋãa ɖeke le wò anyigba blibo la dzi ŋkeke adre sɔŋ o, eye lã, si nèwu le ŋkeke gbãtɔ ƒe fiẽ la, ɖeke matsi anyi ŋu nake ɖe dzi o.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 16:4
9 Mawu Ofanana  

Migagblẽ lã la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o. Ne miete ŋu ɖu wo katã gbe ma gbe ƒe fiẽ o la, ele be miatɔ dzo esi susɔ.


Miaɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adre. Le ŋkeke adreawo katã me la, ele be miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã ko. Woaɖe ame sia ame si agbe se sia dzi wɔwɔ le ŋkeke adreawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã me la le Israelviwo ƒe hame.


Miakpɔ wo dzi va se ɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, esi Israelviwo katã awu woƒe lãwo le fiẽ me,


Le zã ma ke me la, woame lã la aɖu kple amagbe veve kple abolo maʋamaʋã.


Miaɖu abolo maʋamaʋã le ŋkeke adre mawo me; womakpɔ naneke si ʋã la le mia dome o alo akpɔ amɔʋãtike le miaƒe liƒowo me o.


“Megakpe nye vɔsalãwo ƒe ʋu ɖe abolo si woƒo kple amɔ ʋaʋã la ŋu o. “Megana vɔsalã aɖeke ƒe ami natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o.


“Megakpe nye vɔsalãwo ƒe ʋu ɖe abolo si woƒo kple amɔ ʋaʋã la ŋu o. Mele be Ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsalã lã ƒe akpa aɖeke natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o.


Yesu yi edzi kple lododo bubu be, “Dziƒofiaɖuƒe la ɖi nuʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de abolomɔ me, eye wòwɔ dɔ to abolomɔ blibo la me va se ɖe esime wòʋã nyuie.”


“Mègaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le du siwo Yehowa, wò Mawu la ana wò la dometɔ aɖeke me o,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa