Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 16:3 - Agbenya La

3 Miɖu vɔsalã la kple abolo maʋamaʋã. Ɖu abolo maʋamaʋã ŋkeke adre abe ŋkuɖoɖo abolo si mieɖu esi mienɔ sisim tso Egipte la dzi ene. Esia naɖo ŋku edzi na wò be, esi mienɔ sisim le Egipte la, mienɔ kplakplakpla dzi ale gbegbe be, ɣeyiɣi menɔ anyi be abolo naʋã o. Ɖo ŋku ŋkeke ma dzi le wò agbemeŋkeke mamlɛawo katã me!

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Megatsɔ nu ʋaʋãa ɖeke doe o, ke boŋ naɖu nu maʋama ʋã, si nye funyibolo la, ŋkeke adre sɔŋ, elabena kplakplakpla dzi nele, hafi ʋu tso Egipte-nyigba dzi, ne gbesigbe nèʋu tso Egipte-nyigba dzi la, nano ŋku dzi na wò le wò agbe me ŋkekewo katã me.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 16:3
27 Mawu Ofanana  

Migblɔ na wo be, ‘Fia la be miade ŋutsu sia gaxɔ me eye miana abolo kple tsi koe va se ɖe esime magbɔ le ŋutifafa me!’ ”


Elabena meɖu dzowɔ abe nuɖuɖu ene, eye metsɔ aɖatsi tɔtɔ nye nunonoe,


Ena woɖo ŋku eƒe nukudɔwo dzi; Yehowa nye amenuvela kple nublanuikpɔla.


Dzodzroe miefɔna kaba le ŋdi, henɔa agbagba dzem le nu si miaɖu la ŋuti va se ɖe fiẽ, ke ame siwo wòlɔ̃na la, enana wodɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme.


Ale si mianɔ hafi aɖui nye esi: mido miaƒe awuwo, miabla wo dzi kple alidziblaka. Mido miaƒe atokotawo ɖe afɔ, eye mialé miaƒe atizɔtiwo ɖe asi. Miɖui abe sisilawo ene, elabena Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkeke wònye.


“ ‘Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui’ sia ɖuɖu ƒe sia ƒe ana miaɖo ŋku ŋkeke sia dzi abe gbe si gbe meɖe mi tso Egiptenyigba dzi ene, eya ta ezu se mavɔ be miaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime.


Ne wotɔ hena nuɖuɖu la, wowɔa abolo kple amɔ maʋamaʋã si wotsɔ ɖe asi la ŋu dɔ. Amɔ la meʋã o, elabena ɖe wonya wo le Egipte, eye womekpɔ ɣeyiɣi aɖeke ana woƒe amɔ naʋã woatsɔ ɖe asi na mɔzɔzɔ la o.


Le zã ma ke me la, woame lã la aɖu kple amagbe veve kple abolo maʋamaʋã.


“Ɖo ŋku edzi miaɖu Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui ŋkeke adre abe ale si megblɔe na wò ene le ŋkeke ɖoɖoawo dzi, le Tedoxe me ƒe sia ƒe. Ɣleti sia mee miedzo le Egipte.


Ke miadzo kplakplakpla alo asi adzo o, elabena Yehowa adze ŋgɔ na mi, eye Israel ƒe Mawu la axe megbe na mi.


“ ‘Le ɣleti gbãtɔ ma ke ƒe ŋkeke wuiatɔ̃a gbe la, Yehowa ƒe Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui adze egɔme. Hena ŋkeke adre la, miaɖu abolo si me womede amɔʋãtike o.


“Makɔ amenuveve kple gbedodoɖa ƒe gbɔgbɔ ɖe David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo dzi. Woakpɔ nye, ame si wotɔ nui la dzi, woafa nɛ abe ale si wofana na vi ɖeka hɔ̃ɔ si ku la ene, eye woafa nɛ vevie abe ŋgɔgbevi si ku la ene.


Ne ŋu ke la, ŋkeke adre ƒe dzidzɔŋkekenyui aɖe adze egɔme, ke womaɖu abolo ʋaʋã aɖeke o.


le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Woadze ŋkekenyui la ɖuɖu gɔme tso gbe ma gbe ƒe fiẽ. Woaɖu alẽvi la ɣe ma ɣi kple abolo maʋamaʋã kple amagbe veve.


Emegbe etsɔ abolo, eye esi wòda akpe na Mawu le eta vɔ la, eŋe eme, eye wòtsɔe na nusrɔ̃lawo hegblɔ be, “Esia nye nye ŋutilã si metsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye.”


Eya ta mina míaɖu nu, ano nu le Kristo me be míatsi nyuie le kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me, eye míaɖe asi le agbe vlo siwo míenɔna tsã la ŋu, adzudzɔ fuléle kple tamesesẽ, ke boŋ mina be bubu, nyateƒetoto kple nu si le eteƒe la wɔwɔ nanye míaƒe gbe sia gbe nuɖuɖu kple nunono.


Wò Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔsa nanye alẽwo loo alo nyiwo, eye nàsa vɔ la na Yehowa, wò Mawu la le kɔkɔeƒe la.


Ke ɖeko miakpɔ nyuie, akpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miagaŋlɔ nu siwo miaƒe ŋkuwo kpɔ alo ana woado le miaƒe dzi me zi ale si miele agbe o. Mifia wo mia viwo kple wo vi siwo ava ɖe wo yome.


Ale mieva zu míawo kple Aƒetɔ la yomedzelawo, elabena miexɔ míaƒe nya la kple dzidzɔ si tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ togbɔ be ehe tetekpɔ kple nuxaxa geɖewo va mia dzii hã.


miagblɔ na wo be, Yɔdan tɔsisi la dzudzɔ sisi le nubablaɖaka la ŋgɔ. Esi wòtso Yɔdan tɔsisia la, tsi la ƒe sisi nu tso. Kpe siawo anye ŋkuɖodzikpe na Israelviwo tegbetegbe.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa