Nyateƒe, ne menye tɔgbuinye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu ƒe amenuveve tae o la, anye ne èdo mɔm asi ƒuƒlu, pesewa ɖeka pɛ gɔ̃ hã manɔ asinye o! Ke Mawu kpɔ wò ŋutasesẽ kple nye nuteƒewɔwɔ, eya ta wòɖe eɖokui fia wò le zã si va yi me.”
“Baba na ame si tu eƒe fiasã to mɔ madzɔmadzɔ dzi eye eƒe sã to amebaba me, ame si zia eƒe dukɔmetɔwo dzi be woawɔ dɔ nɛ yakatsyɔ eye wògbea fexexe na wo.