34 Yehowa se woƒe liʋĩliʋĩlilĩ, eye wòdo dɔmedzoe ŋutɔŋutɔ. Eka atam be,
34 Eye esi Yehowa se miaƒe nyawo la, dome vee, eye wòka atam gblɔ bena:
Esi Mawu se wo ŋkɔ la, dzi kui vevie ŋutɔ, eye wògbe Israel keŋkeŋ.
Ale le nye dɔmedzoe me, meka atam be, “Womayi ɖe nye dzudzɔ la me gbeɖe o.”
Kpe ɖe esia ŋu la, mekɔ nye asi dzi heka atam na wo le gbea dzi be nyemakplɔ wo ayi anyigba si mena wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, anyigba si nya kpɔna wu bubuawo katã la dzi o;
“Ke miawo hã, mi vɔ̃ wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, miegale nu ma tututu wɔm! Miawo miesɔ gbɔ wu woawo, eya ta Yehowa ƒe dziku ɖe miawo ŋu nu asẽ ɖe miawo dzi fifia wu ɖe woawo dzi.
Eye ame kawoe Mawu ka atam na be womage ɖe yeƒe dzudzɔƒe la me gbeɖe o, ne menye ame siwo sẽ to lae oa?