Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 1:2 - Agbenya La

2 Mɔzɔzɔ tso Horeb to Seir to la ŋu yi Kades Barnea la nye ŋkeke wuiɖekɛ ko ƒe azɔli.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 ŋkeke wuiɖekɛ ƒe azɔli tso Xoreb ɖo ta Seir-towo gbɔ vaseɖe Kades-Barnea.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 1:2
15 Mawu Ofanana  

Yakob dɔ amewo ɖe foa Esau gbɔ le Edom le Seirnyigba dzi.


Mado go wò le agakpe la gbɔ le Horeb. Ƒo agakpe la kple wò atikplɔ si nètsɔ ƒo Nil tɔsisi lae. Tsi ado bababa, asu na ame sia ame.” Mose wɔ abe ale si Mawu gblɔ nɛ ene le Israel ƒe ametsitsiawo ƒe ŋkume.


Gbe ɖeka la, Mose nɔ toa Reuel, ame si wogayɔna be Yetro, ame si nye Midian nunɔla la ƒe alẽwo dzi kpɔm le gbedzi si te ɖe Horeb, Mawu ƒe to la ŋu.


“ ‘Ne ètsɔ nane tso wò agblemenuku gbãtɔwo me, awɔ nuɖuvɔsa na Yehowa la, ele na wò be nànyɔ bli la, nàtoe alo nàtɔe hafi atsɔ vɛ.


Mose kple Aron woyi Agbadɔ la me, eye esi wodo go la, woyra ameawo. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ameha blibo la,


Wogblɔ nu si wokpɔ la na Mose, Aron kple Israelviwo katã le Paran gbedzi le Kades, eye wotsɔ kutsetse siwo wotsɔ vɛ la fia wo.


Nu sia tɔgbi tututu mia tɔgbiwo wɔ kpɔ! Meɖo wo ɖa be woaɖatsa ŋku le Kades Barneanyigba dzi.


Míedzo le Horeb to la gbɔ, eye míezɔ mɔ to gbegbe gã dziŋɔ la dzi. Mlɔeba la, míeva ɖo Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, afi si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míayi. Míeɖo Kades Barnea le Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒo dzi.


Ke Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la kpe aʋa kpli wo, nya wo ɖe du nu abe anyiwo ene, eye wowu wo tso Seir va se ɖe keke Horma.


Míetrɔ, gbugbɔ to gbegbe la heɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ, elabena nenemae Yehowa ɖo nam. Míetsa tsaglalã le Seir to la gbɔ ƒe geɖewo.


Gblɔ na ameawo be wole wo nɔviwo, Edomtɔwo ƒe anyigba dzi to ge. Ame siawoe nye Esau ƒe dzidzimevi siwo le Seir. Dzidzi aƒo Edomtɔwo, eya ta mikpɔ nyuie.


Ale míeto Edom, afi si mía nɔviwo Esau viwo nɔ le Seir. Míeto Araba mɔ si to anyigbeme yi Elat kple Ezion Geber, eye míeto dzigbeme ɖo ta Moab gbegbe la.


Le Kades Barnea la, esi Yehowa gblɔ na mi be miage ɖe anyigba si wòtsɔ na mi dzi la, miedze aglã ɖe eŋuti, eye miexɔe se be akpe ɖe mia ŋu o. Miegbe toɖoɖoe.


Kaleb nɔ ŋgɔ na ame dɔdɔ aɖewo tso Yuda ƒe to la me, eye wova Yosua gbɔ le Gilgal. Kaleb Kenizitɔ gblɔ na Yosua be, “Èɖo ŋku nya si Yehowa gblɔ na Mose tso nye kple wò ŋu esime míenɔ Kades Barnea la dzia?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa