Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 9:6 - Agbenya La

6 Ke wo dometɔ aɖewo mete ŋu ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la gbe ma gbe o, elabena wo dometɔ aɖewo gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le ame kuku aɖe ta. Ale wova Mose kple Aron gbɔ gbe ma gbe,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke ŋutsua ɖewo gblẽ kɔ ɖo ɖe ame kukuwo ŋu, eye womete ŋu ɖu ŋutitotoŋkekenyuie la gbemagbe o. Ŋutsu siawo va Mose kple Aron gbɔ le ŋkeke ma dzi,

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 9:6
16 Mawu Ofanana  

Mose ɖo eŋu nɛ be, “Elabena dukɔ la va gbɔnye be woabia Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.


Ɖo tom, ne maɖo aɖaŋu na wò, eye Mawu anɔ kpli wò, Ànɔ dukɔ la teƒe le Mawu ŋkume, eye nàtsɔ woƒe nyawo ɖo eƒe ŋkume.


Wonɔa anyi ɣe sia ɣi na nyadɔdrɔ̃. Wotsɔa nya sesẽwo vaa Mose gbɔ, ke wodrɔ̃a nya kukluiwo le wo ɖokuiwo si.


Mekpɔ mɔ age ɖe teƒe si ame kuku le o. Mekpɔ mɔ hã be wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui, na fofoa alo dadaa gɔ̃ hã o.


Le avu sia wɔwɔ me la, Israel nyɔnu la ƒe vi gblɔ busunya ɖe Mawu ŋu, eye wohee va Mose gbɔ be wòadrɔ̃ ʋɔnui. (Dadaa ŋkɔe nye Selomit, Dibri ƒe vinyɔnu, tso Dan ƒe to la me.)


Wokplɔe yi Mose kple Aron kple ameha la ŋkume.


“Ame sia ame si ka asi ame kuku ŋu la ŋuti makɔ o ŋkeke adre.


“Se siwo dzi woawɔ ne ŋutsu aɖe ku le agbadɔ aɖe me la woe nye esiawo: Ame sia ame si ge ɖe agbadɔ la me kple ame siwo nɔ agbadɔ la me ɣe ma ɣi la ŋuti mekɔ o ŋkeke adre.


“Ne ame aɖe le gbedzi, eye wòka asi ame si wowu le aʋa me alo ame si ku le mɔ bubu aɖe nu ƒe kukua ŋuti alo ka asi ame kuku aɖe ƒe ƒu alo yɔdo ŋu la, eŋuti mekɔ o ŋkeke adre.


Ekema ame si ŋuti kɔ la, atsɔ kakle ƒe alɔdzewo ade tsi la me, eye wòahlẽ tsi la ɖe agbadɔ la kple ze kple gagbɛ siwo katã nɔ agbadɔ la me kple ame si ƒe agbadɔ la me nɔnɔ alo eƒe asikaka ameƒu alo ame kuku aɖe alo yɔdo aɖe ŋu na be eŋuti mekɔ o la ŋu.


Gbe ɖeka la, Zelofehad ƒe vinyɔnu siawo yi agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wotsi tsitre ɖe Mose, nunɔla Eleazar, ameha blibo la ƒe kplɔlawo ŋkume, eye wogblɔ be,


Mose tsɔ woƒe nya la da ɖe Yehowa ŋkume,


“Ɖe gbe na Israelviwo be woaɖe ame siwo katã nye anyidzelawo kple ame siwo katã ŋu tsi ƒomevi aɖe le dodom le kple ame siwo katã gblẽ kɔ ɖo le ame kuku aɖe ta la ɖa le asaɖa la me.


eye wogblɔ na Mose be, “Míegblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku aɖe ta, ke nu ka ta woaxe mɔ na mí be míatsɔ Yehowa ƒe vɔsa vɛ kpe ɖe Israelvi bubuawo ŋu le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o?”


Ale Yudatɔwo kplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ yi ɖe Roma mɔmefia ƒe aƒe mee. Esi ŋu ke ta la, ame siwo kplɔ Yesu ɖo la gbe be yewomage ɖe aƒea me o, elabena womedi be yewoagblẽ kɔ ɖo na yewo ɖokuiwo o; wodi be yewoaɖu Ŋutitotoŋkeke la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa