“Tsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiti lae. Na akaɖiti blibo la nanye nu ɖeka; ele be woatu akaɖiti la ƒe afɔwo, eƒe titinati diditɔ, akaɖiawo kple seƒoƒoawo nanye nu blibo ɖeka.
Esi Mose yi agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Mawu la, ese Gbe la wònɔ nu ƒom nɛ tso teƒe si le nubablaɖaka la ƒe amenuvevezikpui la tame le Kerubi eveawo tame.
Afi mae Yehowa ɖe Levi ƒe viwo ɖe aga le be woakɔ nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le, eye woanɔ tsitre ɖe Yehowa ŋkume awɔ Yehowa ƒe dɔ, ade bubu eƒe ŋkɔ ŋu abe ale si wowɔna egbe ene.