Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 7:9 - Agbenya La

9 Wometsɔ tasiaɖamuawo kple nyitsuawo dometɔ aɖeke na Kohat ƒe viwo o, elabena woƒe dɔdeasie nye be woakɔ agbadɔ la ƒe akpa siwo woakɔ la ɖe abɔta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke metsɔ ɖeke na Kehai viwo o, elabena woƒe dɔe nye be, woatsɔ nu kɔkɔeawo ɖe abɔta.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 7:9
9 Mawu Ofanana  

Ne ame siwo kɔ nubablaɖaka la ɖe afɔ zi ade la, wotɔna, lalana eye David tsɔa nyitsu ɖeka kple alẽvi dami ɖeka saa vɔe.


Wokɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la da ɖe tasiaɖam yeye aɖe dzi eye wokɔe tso Abinadab ƒe aƒe si le toa ŋu la me. Ame siwo tutu tasiaɖam la woe nye Abinadab ƒe viŋutsuwo, Uza kple Ahio.


Esi woɖo Nakon ƒe lugbɔƒe la, Uza do asi ɖa lé Mawu ƒe nubablaɖaka la elabena nyiawo ƒe afɔwo kli nu.


Esi Israelviwo ƒe ametsitsiawo katã va ɖo la, nunɔlawo tsɔ nubablaɖaka la.


Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia ŋu esi mienɔ nubablaɖaka la kɔm elabena esi mi Levitɔwo míenɔ anyi gbe ma gbe o la, míebia Yehowa se nu si miawɔ la o.”


Le esia megbe la, David yɔ Israel dukɔ blibo la va Yerusalem be woaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe teƒe si wòdzra ɖo ɖi nɛ.


Azɔ ya la, magahiã be Levitɔwo natsɔ Agbadɔ la kple nu siwo ŋu dɔ woawɔ le eme la tso teƒe ɖeka ayi teƒe bubu o.”


Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ ene siawo ƒe dɔdeasiwoe nye, woakpɔ nubablaɖaka la, kplɔ̃ la, akaɖiti, vɔsamlekpui la ƒe nu vovovo siwo ŋu dɔ wowɔna le agbadɔ la me, xɔmetsovɔ kple nu siwo katã hiã be woadzra ɖo le nu siawo ŋu la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa