Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 7:10 - Agbenya La

10 Kplɔlawo hã na nunanawo ɖe nuŋukɔkɔ la ta le gbe si gbe wosi ami na vɔsamlekpui la. Woda nunanawo ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Esime wole ami sim na vɔsamlekpuia la, amegãwo dzɔ nu, bena woatsɔ akɔ eŋui, eye wotsɔ nunanawo va vɔsamlekpui la ŋgɔ.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 7:10
12 Mawu Ofanana  

Solomo sa akpedavɔ na Yehowa kple nyi akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) kple alẽ kple gbɔ̃ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000). Ale Fia la kple Israelviwo katã kɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu.


eye Fia Solomo sa vɔ kple nyi akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) kple ale kple gbɔ̃ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000). Ale fia la kple ameawo katã kɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu.


Wode ŋkekenyui sia ƒe akpedasɔleme mamlɛtɔ le ŋkeke enyia gbe.


Esi wonɔ Yerusalem ƒe gli yeyeawo ŋu kɔm la, Levitɔwo katã tso anyigba la ƒe akpa sia akpa va Yerusalem be yewoana kpekpeɖeŋu le wɔnawo me, eye yewoakpɔ gome le dzidzɔŋkekenyui la ɖuɖu me kple woƒe akpedada, gakogoewo, hadzidziwo kple kasaŋkuwo.


Míesa vɔ geɖewo le dzidzɔŋkeke sia dzi, elabena Mawu na mɔnukpɔkpɔ mí be míakpɔ dzidzɔ gã aɖe. Nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ, eye wose dzidzɔɣli tso Yerusalem le didiƒewo ke!


O! Yehowa, mado wò ɖe dzi, elabena wòe hem do goe tso ʋe globo me, eye mèna mezu nu ɖikokoe na nye futɔwo o.


Esi Mose wu agbadɔ la tutu nu la, esi ami nɛ, eye wòkɔ eya kple eŋunuwo katã ŋuti. Esi ami na vɔsamlekpui la hã, kɔ eŋuti kple eŋunuwo katã ŋuti.


Yehowa gblɔ na Mose be, “Mina ameawo natsɔ woƒe nunanawo vɛ le ŋkeke vovovowo dzi hena vɔsamlekpui la ŋu kɔkɔ.”


Nu siwo Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo na be woatsɔ akɔ vɔsamlekpui la ŋu, esi wosi ami nɛ lae nye: klosalogba wuieve, klosalogba wuieve kple sikanutɔgba wuieve.


Lã siwo katã woatsɔ asa akpedavɔe la le nyitsu blaeve-vɔ-ene, agbo blaade, gbɔ̃tsu blaade kple agbovi blaade, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka. Ale si wokɔ vɔsamlekpui la ŋu, le esime wosi ami nɛ lae nye esi.


“Ekema aʋakplɔlawo aƒo nu na aʋawɔlawo ale: ‘Mia dometɔ aɖe tso aƒe yeye, eye mekɔ eŋuti haɖe oa? Ne ele eme nenema la, ekema amea natrɔ ayi aƒe! Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ame bubu sãa akɔ wò aƒe la ŋu!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa