Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 32:3 - Agbenya La

3 “Atarɔt, Dibon, Yazer, Nimra, Hesbon, Eleale, Sebam, Nebo kple Beon ƒe

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Atarot, Dibon, Yaezer, Nimra, Xesbon, Eleale, Sebam, Nebo kple Beon,

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 32:3
22 Mawu Ofanana  

“Èkpe ɖe wo ŋu woɖu fiaɖuƒe gãwo kple dukɔ geɖewo dzi, eye nèda wò amewo ɖe anyigba la ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Woxɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ƒe anyigbawo.


Nimrim tɔsisi la hã amie, ahaƒu kplakplakpla, eye gbewo katã ayrɔ; nu miemiewo katã aku, eye gbe mumu aɖeke maganɔ anyi o.


Tso Moab ŋuti: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Baba na Nebo elabena azu aƒedo. Woado ŋukpe Kiriataim eye woaxɔe; woagbã mɔ sesẽ la eye wòazu ŋukpe.


Womagakafu Moab azɔ o, ŋutsu siwo le Hesbon la ɖo ta me vɔ̃ ɖe eŋu be, ‘Miva, mina míatsrɔ̃ dukɔ ma.’ O, Madmen, woatsrɔ̃ wò hã eye yi ati yowòme.


O, mi Sibma wainkawo, mefa na mi abe ale si Yazer fa avi ene. Wò alɔwo keke yi ɖe atsiaƒu to ʋĩi eye wodidi ɖase keke Yazer ƒuta ke. Nugblẽla va ƒo ɖe wò atikutsetse ɖiɖiwo kple wò wainkpowo dzi.


“Woƒe aviɣli ɖi tso Hesbon, yi Eleale kple Yahaz ke. Eɖi tso Zoar, eye wosee le Horonaim, Eglat Selisia gɔ̃ hã, elabena Nimrim tɔsisi me tsiwo ke hã mie.


“Sitsoƒedilawo tɔ ɖe Hesbon ƒe vɔvɔli te xɔnamemanɔsitɔe, elabena dzo tso Hesbon eye dzo ƒe aɖe do tso Sixɔn titina, efia Moabtɔwo ƒe ŋgonu, dada ƒuƒlu dalawo ƒe tagowo.


maɖe Moab ƒe abɔta ɖe go, madze egɔme tso liƒodziduwo, Bet Yesimot, Baal Meon kple Kiriataim, du siwo nye anyigba ma ƒe atsyɔ̃ la dzi.


“Elabena dzo do tso Hesbon, dzo ƒe aɖewo tso Sixɔn ƒe du me. Fia Moab ƒe Ar, Arnon ƒe todzitɔwo,


“Ke míawo míeɖu wo dzi wotsrɔ̃ Hesbon yi keke Dibon míegbã wo yi keke Nofa, yi kekeke Medeba.”


Esime Mose ɖo ŋkutsalawo ɖe Yazer megbe la, Israelviwo xɔ du sue siwo ƒo xlãe, eye wonya Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la le woƒe anyigba la dzi.


Esi Israelviwo ɖo Yazer kple Gileadnyigbawo dzi la, Ruben kple Gad ƒe towo, ame siwo si alẽha gãwo le la kpɔ be anyigba la nyo ŋutɔ na lãnyinyi.


Eya ta wogblɔ na Mose kple nunɔla Eleazar kple toawo ƒe kplɔlawo be,


Du siwo nɔ afi ma la woe nye Hesbon kple du bubu siwo le gbadzaƒe: Dibon, Bamɔt Baal, Bet Baal Meon,


Kiriataim, Sibma, Zeret Sabar si le to aɖe dzi le balime la tame,


Hesbon kple Yazer kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo.


Ke wò ya nèle didim be yeaho nya sia ɖe dzi azɔ le ƒe alafa etɔ̃ megbe! Israel nɔ anyigba sia dzi ɣeyiɣi sia katã tso Hesbon va yi Aroer, yi ɖatɔ keke Arnon tɔsisi la. Nu ka ta mèdze agbagba aɖeke kpɔ do ŋgɔ na fifia be yeagbugbɔ anyigba la axɔ o?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa