Kpe ɖe esia ŋu la, mekɔ nye asi dzi heka atam na wo le gbea dzi be nyemakplɔ wo ayi anyigba si mena wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, anyigba si nya kpɔna wu bubuawo katã la dzi o;
Yehowa gblɔ na Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie ame siawo ado vlom? Va se ɖe ɣe ka ɣie woagbe be yewomaxɔ dzinye ase o le dzesi wɔnuku siwo mewɔ la katã megbe?