Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 3:41 - Agbenya La

41 Tsɔ Levi ƒe viwo nam ɖe Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe, eye nàtsɔ Levi ƒe viwo ƒe lãhawo ƒe ŋgɔgbeviwo nam ɖe Israelviwo ƒe lãhawo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe. Nyee nye Yehowa.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Tia Lewitɔwo na Yehowa ɖe Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe; eye natia Lewitɔwo ƒe lãwo ɖe Israel-viwo ƒe lã ŋgɔgbeawo katã teƒe.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 3:41
10 Mawu Ofanana  

Vi gbãtɔ ɖe sia ɖe, amegbetɔ kple lã siaa si wotsɔ na Yehowa la nye tɔwò. Ke ele na wò be nàƒle viŋutsuvi gbãtɔ kple lã makɔmakɔ ɖe sia ɖe ƒe lãtsu gbãtɔ ta.


“Metsɔ Levi ƒe viwo le Israelviwo dome ɖe Israel nyɔnu ɖe sia ɖe ƒe viŋutsu gbãtɔ teƒe. Levi ƒe viwo nye tɔnyewo.


Metsɔ wo ɖɔli viŋutsu tsitsitɔwo. Tso gbe si gbe mewu Egiptetɔwo ƒe viŋutsu ŋgɔgbetɔwo la, mexɔ Israel ƒe ŋgɔgbeviwo, amegbetɔwo tɔwo kple lãwo tɔwo siaa na ɖokuinye! Tɔnyewoe wonye; nyee nye Yehowa!”


Ale Mose xlẽ Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsitɔwo abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene,


“Tsɔ Levi ƒe viwo ɖɔli Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã, eye nàtsɔ Levi ƒe viwo ƒe lãhawo aɖɔli Israelviwo tɔe. Levi ƒe viwo anye tɔnyewo; nyee nye Yehowa.


Wonye tɔnyewo le Israelviwo katã dome. Mexɔ wo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo katã teƒe; mexɔ Levi ƒe viwo abe teƒenɔlawo ene.


Ele be miaƒe nuwɔna nanɔ abe tɔnye ene, elabena Nye Amegbetɔ Vi la, nyemeva be woasubɔm o, ke boŋ ɖe meva be masubɔ amewo, eye matsɔ nye agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.”


Ewɔ esia esi wòtsɔ eƒe agbe na ɖe amewo katã ta. Esia nye ɖaseɖiɖi si Mawu tsɔ na xexea me le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa