Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 3:10 - Agbenya La

10 Ke Aron ƒe viŋutsuwo koe awɔ nunɔlawo ƒe dɔdeasiwo. Ame bubu ɖe sia ɖe si atɔ asi akɔ be yeawɔ nunɔlawo ƒe dɔ la, woawui.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye naɖo Aron kple viaŋutsuwo, be woawɔ nunɔladɔ; ke ne ame tutɔa ɖe le va la, woawui.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 3:10
25 Mawu Ofanana  

Yehowa do dɔmedzoe ɖe Uza ŋu heƒoe ƒu anyi wòku enumake ɖe mabumabu nu si wòwɔ la ta, ale wòku le Mawu ƒe nubablaɖaka la xa.


Etu trɔ̃xɔwo hã ɖe toawo dzi eye wòtsɔ ame siwo metso Levi ƒe ƒomea me gɔ̃ hã o la ɖo nunɔlawo.


Wotsɔ hadzidzi subɔ le le Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ va se ɖe esime Solomo tu Yehowa ƒe gbedoxɔ la ɖe Yerusalem eye hadzilawo yi woƒe dɔ dzi le ɖoɖo nu.


Gake meɖo eŋu nɛ be, “Ɖe ame abe nye ene masia? Alo ɖe ame abe nye ene mayi gbedoxɔ me be maɖe nye agbea? Gbeɖe, nyemayi o!”


Bla ta na wo kple woƒe tablanuwo, tsɔ alidziblanu tso gae ɖe woƒe akɔta, ahablae ɖe axame na Aron kple via ŋutsuwo, ale be nunɔladɔ nanye wo tɔ tegbee. Aleae nàɖo Aron kple viawo nunɔlawoe.


Le esime miawɔ miaƒe dɔdeasiwo le nye nu kɔkɔewo ŋuti la, mietsɔ ame bubuwo be woakpɔ nye kɔkɔeƒe la dzi.’


“ ‘Ame si menye nunɔla o la mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o. Nunɔla ƒe amedzro alo agbatedɔwɔla mekpɔ mɔ aɖu nu sia o.


eye ɣe sia ɣi si woaho Agbadɔ la ayi teƒe bubu la, Levi ƒe viwoe akakae, eye woawoe agakpee; ne ame bubu aɖe te va la, aku.


Ɖe ale si wòtsɔ dɔ sia de asi na mi Levi ƒe viwo ɖeɖe ko la mesɔ gbɔ na mi oa? Ke azɔ la, ɖe miele didim be yewoazu nunɔlawo hã mahã?


Dzo ge tso Yehowa gbɔ va fia ame alafa eve blaatɔ̃ (250) siwo nɔ dzudzɔ dom.


be wòanye ŋkuɖodzinu na Israelviwo be ame sia ame si menye Aron ƒe dzidzimevi o la mekpɔ mɔ ava Yehowa ŋkume, eye wòado dzudzɔ o; ne menye nenema o la, nu si wɔ Korah kple eyomedzelawo la awɔ eya hã. Ale wowɔ ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na Mose la dzi.


Woawɔ dɔ le wò kpɔkplɔ te, eye woawɔ dɔ siwo katã ku ɖe agbadɔ la ŋu, gake womate ɖe agbadɔ la me nuwo alo vɔsamlekpui la ŋu o, ne wowɔe la, woawo kple wò siaa miaku.


Ke wò kple viwò ŋutsuwo, nunɔlawo, miawoe awɔ dɔ kɔkɔeawo katã kple dɔ siwo le vɔsamlekpui la ŋu kple esiwo le xɔmetsovɔ la me, elabena nunɔlanyenye nye miaƒe dɔdeasi tɔxɛ. Ame bubu ɖe sia ɖe si ake atse awɔ dɔ siawo la aku.”


Yehowa gblɔ na Mose be,


Wotia teƒe si le agbadɔ la ƒe ɣedzeƒe la da ɖi na Mose kple Aron kple Aron ƒe viŋutsuwo ƒe agbadɔwo. Ame siawo ƒe dɔdeasie nye be woakpɔ be agbadɔ la dzi kpɔlawo wɔ woƒe dɔdeasiwo pɛpɛpɛ ɖe Israelviwo nu. Ame sia ame si menye nunɔla alo Levi ƒe vi o, gake wòge ɖe agbadɔ la me la, aku.


Ne wò nunanae nye be nàsubɔ ame bubuwo la, ekema nàsubɔ wo nyuie. Ne ènye nufiala la, nàfia nu nyuie.


Esia ta mieganye amedzrowo o, ke boŋ mi kple Mawu ƒe amewo mienye ame ɖeka, Mawu ƒe aƒemetɔwo kple Mawu ƒe dumetɔwo,


elabena Yehowa, wò Mawu la tia Levitɔwo tso to bubuawo dome be woawɔ subɔsubɔdɔwo na Yehowa tso dzidzime yi dzidzime.


Nenye ɖe wòle anyigba dzi la, maɖu nunɔla o elabena nunɔlawo li xoxo, ame siwo tsɔa nunanawo nana le Yudatɔwo ƒe se la nu.


Legba la ƒe ha ƒomevi vovovowo nɔ Mika si eye wòtsɔ via ɖeka ɖo wo nunɔlae.


Ke Yehowa wu Bet Semestɔ blaadre elabena wokpɔ nubablaɖaka la me. Dukɔ la fa konyi le ame geɖe siwo Yehowa wu la ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa