Mado go wò le afi ma, aƒo nu kpli wò le amenuvevezikpui la tame, le kerubi eve siwo le nubablaɖaka tame la dome, eye matsɔ nubablakpe siwo dzi meŋlɔ nye sededewo na Israelviwo ɖo la na wò.
Ele be wòayi nunɔla Eleazar gbɔ, eye wòaxɔ ɖoɖowo tso Yehowa gbɔ. Yehowa agblɔ nu si woawɔ la na Eleazar to akɔdada kple ‘Urim’ me, eye Eleazar agblɔ Mawu ƒe ɖoɖowo na Yosua kple Israel dukɔ la. Yehowa ayi wo kpɔkplɔ dzi le mɔ sia nu.”
Wogblɔ be, “Esime Yehowa ɖe gbe na nye aƒetɔ be wòadzidze nu, ama anyigba la na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene la, egblɔ na wò be, nàtsɔ mía nɔvi Zelofehad ƒe domenyinu ana via nyɔnuwo.
Nyɔnu siawo va nunɔla Eleazar kple Nun ƒe vi Yosua kpakple Israel ƒe kplɔlawo gbɔ, eye woɖo ŋku edzi na wo be, “Yehowa gblɔ na Mose be míaxɔ domenyinu abe ŋutsu siwo le míaƒe to la me ene tututu,” eya ta abe ale si Yehowa ɖoe da ɖi ene la, wona anyigba wo abe ŋutsuawo ene.